Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 10:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Emegbe Yehowa gblɔ na Mose bena: Yi Farao gbɔ, elabena nyee na eya ŋutɔ kple eŋu mewo ƒe dzime sẽ, bena mawɔ nye dzesi siawo le wo dome;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Gayi Farao gbɔ, eye nàgatsɔ wò biabia la ɖo eŋkume. Ke mana eya kple eƒe aɖaŋudelawo ƒe dzi me nagasẽ kokoko ale be mate ŋu awɔ nukunu bubuwo, eye maɖe nye ŋusẽ afia.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 10:1
19 Referans Kwoze  

Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Ne ede Egipte la, ekema naɖo ŋku nukunu, siwo katã mede asi na wò la dzi awɔ le Farao ƒe ŋku me; ke nye la mana eƒe dzime nasẽ, bena maɖe asi le dukɔ la ŋu wòayi o.


Elabena ŋɔŋlɔ la gblɔ na Farao bena: „Esia ke ŋuti mefɔ wò ɖe tsitre, bene maɖe nye ŋusẽ ɖe go afia le ŋuwò, eye bene woaɖe gbe ƒã nye ŋkɔ ŋutinya le anyigba blibo la katã dzi.“


Mado nye asi da, eye matsɔ nye nukunuwo katã, siwo mawɔ le wo dome la, aɖee le mo na Egiptetɔwo: emegbe hafi woana miayi.


Nye akpoxɔnu le Mawu si, eya xɔna na amesiwo ƒe dzi toa mɔ ɖeka la.


Nane wɔ mí tututu! Ameka aɖe mí atso mawu ŋusẽtɔ siawo si me? Woawo nye mawu, siwo tsɔ dɔvɔ̃ geɖewo wu Egiptetɔwo le gbeɖzi!


Tete Farao do woɖayɔ Mose kple Aron vɛ, eye wògblɔ na wo bena: Meda vo! Yehowa tɔ dzɔ, ke mía kple nye dukɔ la to medzo o.


gake megblẽ wò ɖi vaseɖe fifi, bena maɖe nye ŋusẽ afia wò, eye woakafu nye ŋkɔ le anyigba blibo la katã dzi.


Ke Farao maɖo to mi o, eye mado nye asi ɖe Egiptetɔwo gbɔ, eye matsɔ ŋusẽ gã akplɔ nye amehawo, nye dukɔ Israel-viwo atso Egipte.


„Egbã woƒe ŋkuwo, eye wòna woƒe dzi sẽ, bena woagakpɔ nu kple ŋkuwo, eye woase nu gɔme kple dzi, eye woatrɔ, eye mada gbe le wo ŋu o.“


Eyata azɔ la ekpɔa nublanui na amesi ke wòlɔ̃na be, yeakpɔ nublanui na, eye wòsẽa dzime na amesi ke wòlɔ̃na be, yeasẽ dzime na.


Eye Yehowa na Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖo to wo o, abe alesi Yehowa gblɔ na Mose ene.


Elabena Yehowa gbɔ wòtso be, woƒe dzime sẽ, eye woho aʋa ɖe Israel ŋu, ne woatsrɔ̃ wo gbidigbidi, womave wo nu o, ke boŋ woatsrɔ̃ wo, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


Ke Yehowa na Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖe asi le Israel-viwo ŋuti woyi o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite