Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 1:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Esi vixelawo vɔ̃ Mawu ŋuti la, eyata wòna vi geɖe wo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 Esi vixelawo vɔ̃a Mawu ta la, Mawu na viwo woawo hã.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 1:21
14 Referans Kwoze  

Nenye be, nèɖo to se, siwo katã mede na wò, eye nèzɔ nye mɔ dzi hewɔ nusi nyo te ŋkunye me, be nèle nye ɖoɖowo kple nye sewo me ɖe asi, abe alesi nye dɔla Dawid wɔ ene la, ekema manɔ kpli wò, eye maɖo wò aƒe ɖe dzi, abe alesi mewɔe na Dawid ene, eye matsɔ Israel na wò.


Eye maɖo nunɔla nuteƒetɔ na ɖokuinye, amesi awɔ nu ɖe nye dzi dzi, eye wòawɔ nusi adze ŋunye; mana eƒe aƒe nali ke, eye wòadze nye amesiamina la ŋgɔ ɖaa


Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye nawɔ nyuie! Nɔ anyigba dzi, eye naɖi anukware!


Ne nuvɔwɔla wɔa vɔ̃ zi alafa, gake nɔa agbe didie hã la, nyee menyae be, eme anye na mawuvɔ̃la, siwo sia eƒe ŋku me.


Eyata meta Yehowa ƒe agbe, amesi li kem, eye wona mebɔbɔ no fofonye Dawid ƒo fiazikpui dzi, eye wòtso aƒe nam, abe alesi wògblɔ ene la be: Adoniya aku egbea!


Tsɔ wò dɔlanyɔnu ƒe vodadawo kee! Yehowa ana nye aƒetɔ ƒe aƒe nali ke, elabena Yehowa ƒe aʋawo wɔm nye aƒetɔ la le, eye dzɔgbevɔ̃ea ɖeke madzɔ ɖe dziwò le wò agbe me ŋkekewo katã me o!


Salomo ƒe mɔzɔha. Ne Yehowa metu xɔ o la, dzodzroa etulawo le agbagba dzem le eŋu; ne Yehowa medzɔ dua ŋu o la, dzodzroe dzɔla le ŋudzɔ.


Yi Rexab viwo ƒe me, ƒo nu kpli wo, eye nakplɔ wo ayi Yehowa ƒe me xɔwo dometɔ ɖeka me, eye nana wein wo woano.


Nunya wotsɔna tua xɔe, gɔmesese wotsɔna lia kee,


Kpɔ ɖa, ŋutsuviwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye fufɔfɔ enye fetu.


Ke vixelawo vɔ̃ Mawu, eye womewɔ se, si Egipte-fia de na wo la dzi o, boŋ wona ŋutsuviawo nɔ agbe.


Mikafu Yehowa! Woayra ŋutsu, si vɔ̃a Yehowa, eye wòkpɔa dzidzɔ le eƒe seawo ŋu vevie.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite