Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 1:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ne miele vi xem na Hebri-nyɔnua ɖe, eye miekpɔ le viadziƒe bena, ŋutsuvie la, ekema miawui, ke nenye nyɔnuvi la, ekema mina wòanɔ agbe!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 “Ne miekpe ɖe Hebri nyɔnu aɖe ŋu wòdzi vi, eye miekpɔ le vidziƒea be ŋutsuvi wòdzi la, miwu ɖevi la enumake, gake ne nyɔnuvi wòdzi la, mina ɖevia natsi agbe.”

Gade chapit la Kopi




2 Mose 1:16
7 Referans Kwoze  

Emegbe Farao de se na eƒe dukɔ la katã bena: Ne Hebritɔwo dzi ŋutsuvi la, ekema mitsɔe ƒu gbe ɖe Nil-tɔsisi la me, ke mina nyɔnuviwo katã nanɔ agbe.


Ke esi agbledelawo kpɔ via la, wogblɔ le wo nɔewo dome bena: Domenyila enye esi; miva, ne miawui, ne míaxɔ eƒe domenyinyi.


Eye eƒe asike he dziƒoɣletiviwo ƒe akpa etɔ̃lia, eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba. Eye ʋɔ driba la tsi tre ɖe nyɔnu, si le vi dzi ge la, ƒe ŋku me, bena ne edzi via ko la, ne yeatsɔe ami.


Amesia ɖo aye ɖe míaƒe ƒome la ŋu, eye wosẽ ŋuta ɖe mia fofowo ŋu, eye wòna bena, woɖe woƒe vidzĩewo ɖa, bena woaganɔ agbe o.


Le xɔse me, esime wodzi Mose la, eƒe dzilawo ɣlae ɣleti etɔ̃; elabena wokpɔ be, enye vi dzeɖekɛ, eye womevɔ̃ fia ƒe sedede o.


Eye Egipte-fia de se na Hebritɔwo ƒe vixela, siwo dometɔ ɖeka ŋkɔ nye Sifra, eye evelia ŋkɔ nye Pua la bena;


Etrɔ woƒe dzi, be woalé fu yeƒe dukɔ, eye woado aye ɖe yeƒe dɔlawo ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite