Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 1:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye dɔ sesẽ wowɔ na agbenɔnɔ ti wo; wonyã anyi, me anyikpe, eye wowɔ agbledɔ ƒomevi vovo vo, siwo wozi wo dzi nublanuitɔe de asi na wo la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Wona agbenɔnɔ ti wo to dɔ sesẽ wɔwɔ le anyikpewo meme kple agbledɔwo wɔwɔ me. Egiptetɔwo na wowɔ dɔ sesẽ siawo katã nublanuimakpɔmakpɔtɔe.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 1:14
30 Referans Kwoze  

Amesia ɖo aye ɖe míaƒe ƒome la ŋu, eye wosẽ ŋuta ɖe mia fofowo ŋu, eye wòna bena, woɖe woƒe vidzĩewo ɖa, bena woaganɔ agbe o.


Mía fofowo ʋu va Egipte, eye míenɔ Egipte eteƒe didi; ke Egiptetɔwo sẽ ŋuta le mía kple mía fofowo ŋu.


Eye Mose va gblɔ nyawo na Israel-viwo, ke woawo meɖo to Mose o, elabena womegale dzi ɖom ɖe amea ɖeke ŋu o, le dɔ sesẽ la ta.


Esi eteƒe va didi la, Egipte-fia ku Eye Israel-viwo fa konyi le woƒe dɔ sesẽ la ŋu, eye wodo ɣli. Eye woƒe ɣli, si wodo, be woavo tso woƒe dɔ sesẽa me la, de Mawu gbɔ.


Ɖe mekpɔ nye dukɔ, si le Egipte la, ƒe momenuveve, eye mese woƒe ŋeŋe, eye meɖi va wo ɖe ge, eye azɔ va, ne mado wò ɖe Egipte.“


Ɖe menye esia nye nutsitsidɔ, si melɔ̃na la oa be, woaɖe ga madzɔmadzɔwo, woatu kɔkuti ƒe kawo, woana ablɔɖe amesiwo wote ɖe anyi, eye míaŋe kɔkutiwo katã,


Esime wòho de Egipte-nyigba ŋu la, etsɔe wɔ see na Yosef. Gbe, si nyemenya o la, di mese be:


Du tsi na ɖokuiwò, elabena wole to ɖe ge ɖe wò, eye ƒu kpo ɖe dzi, ɖo agbi me nanyã anyi, eye namè anyikpewo!


Mi amesiwo ɖua nye ɖukɔ ƒe lã, miefloa agbalẽ lewo ŋu, eye miegbãa woƒe ƒuwo; mieflia wo dea ze abe lã ene, eye abe lã le kutu me ene.


Yehowa be: Azɔ dɔ ka le ŋunye le afi, esi wokplɔ nye dukɔ dzoe yakatsyɔ? Yehowa be, wo dziɖulawo le aseye tsom, eye wole alɔme ɖem le nye ŋkɔ ŋu gbeawotsyogbe ɖaa.


matsɔe ade asi na amesiwo wo funyafunya wò, amesiwo gblɔ na wò be: Bɔbɔ, ne míato dziwò ayi, wo wò mẽdome wòasɔ kple anyigba, eye wòanɔ, abe alesi mo le na edzitolawo ene.


si ƒo dukɔwo le dziku me atraɖi, si te anyigba dzi dukɔwo ɖe anyi le dɔmedzoe me heti wo yome madzudzɔmadzudzɔe la.


Aʋakɔwo ƒe fiawo si, wosi, eye aƒeanɔ mã aboyonu.


Ke egblɔ na wo bena: Migayɔm be Naomi o, hafi boŋ miyɔ Mara nam: elabena ŋusẽkatãtɔ la do nublanuitɔm!


Ke Egiptetɔwo sẽ ŋuta le mía ŋu, wote mí ɖe anyi, eye wode do sesẽwo asi na mi.


Ke Yehowa ɖe miawo tso aŋɔɖakpo me le Egipte, bena mianye eya ŋutɔ ƒe dukɔ, abe alesi wòzu egbe siawo ene.


Wòanɔ egbɔ ƒe sia ƒe abe agbatedɔwɔla ene, eye megazi kpi kpɔe be, woaɖu edzi kple sesẽ o.


Woawo anye miaƒe ame, eye mia viwo atso wo anyi domee, miekpɔ mɔ ade kluvidɔ asi na wo ɣesiaɣi. Ke migaɖu mia ŋutɔwo mia nɔvi Israel-viwo dzi kple sesẽ o.


Megaɖu edzi kple sesẽ o, ke boŋ nayɔ wò Mawu la.


Nyee nye Yehowa wò Mawu, si kplɔ wò tso kluvinyenyeƒe me le Egipte-nyigba dzi.


Eye Egipte-tɔwo zi Israel-viwo dzi nublanuitɔe, be woawɔ dɔ sesẽ.


Eye wògblɔ na Abram bena: Nyae, naganyae bena, wò dzidzimeviwo anye amedzrowo le anyigbaa ɖe, si menye wo tɔ o la dzi, eye woasubɔ anyigba ma dzi tɔwo, eye woamawo ate wo ɖe anyi ƒe alafa ene sɔŋ.


Tete wotsɔ dzikpɔlawo ɖo wo nu, bena woate wo ɖe anyi, ne woawɔ dɔ sesẽwo; eye wotu nudzraɖoƒewo na Farao, siwo nye Pitom kple Ramses.


Eye Egipte-fia de se na Hebritɔwo ƒe vixela, siwo dometɔ ɖeka ŋkɔ nye Sifra, eye evelia ŋkɔ nye Pua la bena;


Eye wòƒo nu kpli wo le ɖekakpuiawo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu bena: Fofonye na miaƒe kɔkuti kpe, ke nye la mana miaƒe kɔkuti la nakpe ɖe edzi; fofonye ƒo mi kple atam, ke nye la maƒo mi kple dziɖegbe.


Ame vɔ̃ɖi si le dukɔ dahe dzi ɖum la, le abe dzata ɖegbe kple sisiblisi dɔwui ene.


Mɔzɔha. Israel negblɔ be: Woxaxam ɖo zi geɖe tso nye ɖekakpui me,


Eyata ale Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, gblɔ esi: Nye dukɔ, si le Zion, megavɔ̃ Asur, si tso ati, be yeaƒo woe, eye, wòka atizɔti dzi ɖe ŋuwò abe Egipte ene la o!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite