Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 1:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Gake esi wole wo tem ɖe anyi hã la, dzidzim ko wole ɖe dzi, eye wole ta kekem, ale be wòde asi Israel-viwo vɔvɔ̃ me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Togbɔ be Egiptetɔwo nɔ fu wɔm Israelviwo, eye wonɔ wo tem ɖe to wu tsã gɔ̃ hã la, Israelviwo ganɔ dzidzim ɖe edzi kokoko! Nu sia gado ŋɔdzi na Egiptetɔwo wu

Gade chapit la Kopi




2 Mose 1:12
17 Referans Kwoze  

Eye wòna eƒe dukɔ dzi ŋutɔ, eye wokpɔ ŋusẽ wu woƒe kelɔwo.


Eye wògblɔ na eƒe dukɔ la bena: Mikpɔ ɖa, Israel-dukɔ la sɔ gbɔ, eye wosẽ ŋu wu mi.


Ke mienyae bena, amesiwo lɔ̃a Mawu la, nuawo katã tim hea nyuie vɛ na wo, amesiwo woyɔ le tameɖoɖoɖi la nu.


Tete farisitɔwo gblɔ le wo nɔewo dome bena: Miekpɔ bena, miete ŋu le naneke wɔm o; kpɔ ɖa, xexeame katã dze eyome.


Ke boŋ dziku wua bometsila, eye abunetɔ kuna ɖe ŋuʋaʋã me.


Dziku la, nu nyayrãe, eye dɔmedzoe dzea agbo; ke ameka ale ŋu anɔ te ɖe ŋuʋaʋã nu?


Nunya kple gɔmesese kpakple aɖaŋuɖoɖoa ɖeke meli ɖe Yehowa ŋu o.


Eye Israel-viwo dzi hele agbɔ sɔm ɖe dzi ŋutɔŋutɔ, wokeke ta, eye woxɔ anyigba la dzi.


Ke Mawu wo nyuie na vixelawo. Eye dukɔ la dzi ɖe dzi, eye wosẽ ŋu.


Eye wògblɔ bena: Nye enye Mawu, fofowò ƒe Mawu la. Megavɔ̃ Egipte yiyi o, elabena mana nazu dukɔ gãa ɖe le afima.


vɔvɔ̃ le Moab ŋutɔ le dukɔ la ŋu, elabena esɔ gbɔ akpa, eye dzidzi ƒo Moab le Israel-viwo ŋu.


Eye nagblɔ le Yehowa, wò Mawu ŋku me bena: Fofonye enye Aramtɔa ɖe, si de tsɔtsrɔ ge, eye wòʋu va Egipte; ame ʋeea ɖewo ko wonye henye amedzrowo le afima, ke wodzi ɖe dzi, eye wotrɔ zu dukɔ gã sẽŋua ɖe.


Ena wo viwo sɔ gbɔ abe dziƒo ɣletiviwo ene, eye nèkplɔ wo va anyigba, si ŋu nègblɔ le na wo fofowo be, woayi adaxɔe wòanye wo lɔ la dzi.


Eyra wo, eye wodzi ɖe dzi ŋutɔ, eye meke woƒe lãwo dzi ɖe o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite