Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 1:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Enyo, mina miadze aye ɖe wo ŋuti, bena womagasɔ gbɔ ɖe edzi o, eye ne aʋa dzɔ la, womagade míaƒe futɔwo dzi awɔ aʋa kpli mí ahaʋu le anyigba la dzi o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Mina míato ayemɔ aɖe dzi atsi nu sia nu. Ne míetsi nu sia nu o, eye aʋa dzɔ la, woade míaƒe futɔwo dzi, awɔ aʋa kpli mí asi adzo le anyigba la dzi.”

Gade chapit la Kopi




2 Mose 1:10
13 Referans Kwoze  

Amesia ɖo aye ɖe míaƒe ƒome la ŋu, eye wosẽ ŋuta ɖe mia fofowo ŋu, eye wòna bena, woɖe woƒe vidzĩewo ɖa, bena woaganɔ agbe o.


Ne wogblɔ be: Yi kpli mi, míade xa ɖe ʋukɔkɔɖi ŋu, eye míanɔ adeklo dzi ɖe ame maɖifɔ ŋu naneke mawɔmawɔe,


Etrɔ woƒe dzi, be woalé fu yeƒe dukɔ, eye woado aye ɖe yeƒe dɔlawo ŋu.


Ame vɔ̃ɖiwo ƒe dada doa dzikatsoƒoe na hiãtɔwo; woatsɔ woawo ŋutɔ ƒe aye, si woɖo la, ale woe.


Eye esi ŋu va ke la, Yudatɔa ɖewo ƒo wo ɖokui nu ƒu, eye woƒo ti ɖe wo ɖokui bena, yewomele nu ɖu ge alo nu no ge, vaseɖe esime yewoawu Paulo o.


Nunya kple gɔmesese kpakple aɖaŋuɖoɖoa ɖeke meli ɖe Yehowa ŋu o.


Amea ɖewo ƒe mɔ dzɔna le wo ŋku me; ke eƒe nuwuwu nyea ku ƒe mɔ.


Eléa nunyalawo le woƒe ayenuwɔwɔ me, eye wònana ayedzelawo tsi klokloklo le woƒe adaŋudede me.


Eyata va naƒo fi ade dukɔ sia nam, elabena ekpe dzinye! Ɖewohi mate ŋu aɖu edzi, eye manyãe ɖa le anyigba la dzi. Elabena menyae bena, amesi neyra la, eya ŋu yayra nɔna, eye amesi ne ƒo fi de la, eya ŋu fiƒode nɔna.


Tete Filistitɔwo ƒe amegãwo do dɔmedzoe ɖe eŋu, eye Filistitɔwo ƒe amegãwo gblɔ ne bena: Na ame sia nagbugbɔ ayi teƒe, si netsɔ nɛ, ne magayi aʋa la kpli mí, eye wòanye miaƒe futɔ le aʋa me o! Elabena nuka ame sia awɔ atsɔ dze eƒe aƒetɔ ŋu, ne menye ame siawo ƒe ta oa?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite