Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Tesalonikatɔwo 3:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 eye mieɖu abolo dzro le amea ɖeke gbɔ o, ke boŋ mietsɔ agbagbadzedze kple kutrikuku wo ɖo zã kple keli, bena míagazu agba na mia dome amea ɖeke o,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 alo ɖu ame aɖeke ƒe nu femaxee o, ke boŋ míewɔ dɔ zã kple keli. Míedze agbagba, ku kutri be míaganye agba na mia dometɔ aɖeke o.

Gade chapit la Kopi




2 Tesalonikatɔwo 3:8
14 Referans Kwoze  

Na miaƒe nuɖuɖu, si asu mía nu egbe la mí!


Elabena, nɔviwo, mieɖo ŋku míaƒe agbagbadzedze kple kutrikuku dzi: Zã kple keli miewɔ dɔ, bena míagazu agba na mia dome amea ɖeke o, eye ale míegblɔ Mawu ƒe nya la fia mi.


eye esi wònye aɖaŋu ɖeka ƒomevi wowɔna ta la, enɔ wo gbɔ, eye wowɔ ɖo; ke le woƒe aɖaŋuwɔwɔ nu la avɔgbadɔwɔlawo wonye.


eye miabui nudzeamee be, miano anyi kpoo, eye miawɔ mia ŋutɔwo miaƒe dɔ, eye miatsɔ miaƒe asiwo awɔ dɔ, abe alesi miede se na mi la ene,


Fiafitɔ la nagafi fi o, ke boŋ nedze agbagba, ne woatso eƒe asiwo awɔ dɔ nyui, bene wòakpɔ nane aɖana hiãtɔwo.


Eye míedzea agbagba, eye míetsia mía ŋutɔwo míaƒe asiwò wɔa dɔ; ne wodzu mí la, míeyrana; ne woti mía yome la, mieɖoa dzi tsɔnɛ;


Ke míele se dem na nenem me siawo, eye míele nu xlɔ̃m wo le mia Aƒetɔ Yesu Kristo me, bene woawɔ dɔ kpoo, eye woaɖu woa ŋutɔwo ƒe abolo.


elabena nɔvi, siwo tso Makedonia va la, na nusiwo hiãm la, wòsɔ gbɔ de nunye, eye mekpɔ ɖokuinye dzi le nusianu me, bene nyemaganye agba na mi o, eye magakpɔ ɖokuinye dzi.


Mia ŋutɔwo mienyae bena, asi siawo metsɔ wɔ dɔ heɖi nye ŋutɔ kple amesiwo kpe ɖe ŋutinye la ƒe nuhiahiãwo.


Eléa ŋku de nuwɔwɔwo ŋu le eƒe me, eye meɖua kuviabolo o.


Nusiwo woɖana gbesiagbe la, wonye: nyitsu ɖeka, alẽ tiatia aɖe kple xewo; nusiawo woɖana ɖe nye ŋutɔ nye akɔta dzi; hekpe ɖe wein vovovowo ŋu fu ɖe ŋkeke ewo nu; to egbɔ hã nyemebia anyigba dzikpɔnu o, elabena ɖɔ la nu se na dukɔ la.


Alo ɖe míekpɔ ŋusẽ be, míaɖu nu, eye míano nu oa?


le agbagbadzedze kple kutrikuku me; le ŋudɔdɔwo me agbadre, le dɔwuame kple tsikɔwuame me, le nutsitsidɔwo me agbadre, le vuvɔ kple amamanɔnɔ me.


Na, ne miayi Yordan nu, eye mía dome amesiame natsɔ ati tso afima vɛ, ne míawɔ nɔƒe ɖe afima, afisi míanɔ. Eɖo ŋu na wo bena: Miheyi!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite