Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Tesalonikatɔwo 2:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Alo ɖe mieɖo ŋku edzi bena, esime megale mia gbɔ la, megblɔ nusiawo na mi oa?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Mieɖo ŋku edzi be megblɔ nya siawo na mi esi menɔ mia gbɔ oa?

Gade chapit la Kopi




2 Tesalonikatɔwo 2:5
11 Referans Kwoze  

Ke mado vevie, bena miate ŋu aɖo ŋku nusiawo dzi gbesiagbe le nye dzodzo megbe.


Elabena esime mienɔ mia gbɔ hã la, míede se na mi bena, ne amea ɖe melɔ̃ be, yeawɔ dɔ o la, negaɖu nu hã a.


eye mienyae hã bena, abe alesi fofo wɔna na viawo ene la, nenema ke míewɔ na mia dome amesiame: Míexlɔ̃ nu mi, eye miefa akɔ na mi,


dɔmevevi, hlɔ̃dodowo, ahamumuwo, aglotutuwo kple esia tɔgbewo; nusiwo gblɔm mele ɖi na mi, abe alesi megblɔ ɖi na mi xoxo la ene, bena amesiwo wo ale nusiawo la, manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.


Eyata minɔ ŋudzɔ, eye miɖo ŋku edzi bena, le etɔ sɔŋ, zã kple keli, nyemedzudzɔ nuxɔxlɔ̃ mia dome amesiame kple aɖatsiwo o.


Ke esiawo megblɔ na mi, bena ne woƒe gaƒoƒo ɖo la, ne miaɖo ŋku wo dzi bena, nyee gblɔe na mi. Ke nyemegblɔ esiawo na mi tso gomedzedzea me o; elabena meli kpli mi.


Ŋku li na mi, miekpɔa nu o! Eye to li na mi, miesea nu o! Eye mieɖoa ŋku nu dzi o,


Alo ɖe miedze si nu kpɔ oa? Eye mieɖo ŋku ame akpe atɔ̃ la ƒe abolo atɔ̃ dzi kple kevi alesi nu mielɔ o mahã?


elabena esime mienɔ mia gbɔ la, miegblɔe ɖi na mi bena, miaɖo xaxa me tsã, abe alesi wòva ve me, eye mienyae hã la ene.


Eye azɔ la mienya nusi xea mo nɛ, bena woaɖee ɖe go le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite