Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Tesalonikatɔwo 2:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 nafa akɔ na miaƒe dziwo, eye wòado ŋusẽ mi le dɔwɔwɔ nyui kple nya nyui katã me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 nade dzi ƒo na mi, eye wòado ŋusẽ mi le dɔ nyui ɖe sia ɖe wɔwɔ kple nyanyui la gbɔgblɔ me.

Gade chapit la Kopi




2 Tesalonikatɔwo 2:17
22 Referans Kwoze  

Ke nuteƒewɔla enye Aƒetɔ la, amesi ado ŋusẽ mi, eye wòadzra mi ɖo tso vɔ̃ɖitɔ la si me.


bene wòado ŋusẽ miaƒe dziwo, be woanɔ anyi mokaka manɔŋui le kɔkɔenyenye me le Mawu, mía Fofo la ŋku me le mia Aƒetɔ Yesu Kristo kple eƒe ame kɔkɔewo katã ƒe vavagbe la! Amen.


eye miedo Timoteo, mía nɔvi kple Mawu ƒe subɔla kple hadɔwɔla le Kristo ƒe nyanyuie me la ɖa, bene wòado ŋusẽ mi, eye wòaxlɔ̃ nu mi le miaƒe xɔse ŋuti,


Ke amesi ate ŋu alé mi ɖe asi, bena miagakli nu o, eye wòate ŋu atsɔ mi atu tsitre ɖe eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋku me mokaka manɔŋui le dzidzɔ gã me;


eye mianye amesiwo do ke, eye wotu wo ɖe eyama me, eye woli ke wo ɖe xɔse me, abe alesi wofia mi ene, eye miagba go le akpedada me.


amesi hã ali ke mi yiɖase nuwuwu la dzi, bene mianye ame maɖifɔwo le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi.


Ke mɔkpɔkpɔ ƒe Mawu la natsɔ dzidzɔ kple ŋutifafa katã aye mi taŋ le xɔxɔse me, bene miakpɔ mɔkpɔkpɔ sɔ gbɔ fũ le Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽ me.


Viwo, migana miatsɔ nya kple aɖe alɔ̃ amee o, ke boŋ miatsɔ nuwɔwɔ kple nyateƒe alɔ̃ amee.


Ke amenuveve katã ƒe Mawu, amesi yɔ mi va eƒe ŋutikɔkɔe mavɔ la gbɔ le Kristo Yesu me la, ŋutɔ awɔ mi amesiwo kpe fu via ɖe ko la blibo, ado ŋusẽ mi, ali ke mi, eye wòaɖo mía gɔme anyi.


Migana nufiafia bubu ƒomeviwo kple dzrotɔwo nahe mi ayii o; elabena enyo be, woatso amenuveve ali ke dzi la, eye menye nuɖuɖu, siwo menye viɖea ɖeke na amesiwo wɔ eŋuti ɖa o la, woatsa o.


Ke mía Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutɔ kple Mawu, mía Fofo, amesi lɔ̃ mi, eye wotsɔ akɔfafa mavɔmavɔ kple mɔkpɔkpɔ nyui na mí to amenuveve me la,


Ke amesi li ke mia kple miawo ɖe Kristo me, eye wòsi ami na mí la, enye Mawu;


Ke amesi ate ŋu ado ŋusẽ mi le nye nyanyuie kple Yesu Kristo ƒe gbeƒãɖeɖe la nu ɖe nya ɣaɣla, si woɣla tso ɣeyiɣi mavɔmavɔwo me ke la, ƒe ɖeɖefia la nu,


Alesi ŋutsua ɖe dada fa akɔ ne la, nenema mafa akɔ na mii, eye miaƒe akɔ afa le Yerusalem ŋu.


Elabena ale ame gã, si ɖo kpo, eli tegbee, eye eƒe ŋkɔ nye kɔkɔe la, gblɔ esi: Mele dzi kple kɔkɔeƒe la, mele amesi wogbã gudugudu, kple amesi ƒe gbɔgbɔ wobɔbɔ de anyi la gbɔ, ne magbɔ agbe amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe amesiwo wogbã gudugudu la ƒe dzi.


Miɖee toe, vaseɖe esime wòaɖo Yerusalem te, eye wòatsɔe awɔ kafukafu le anyigba dzi.


Elabena Yehowa afa akɔ na Zion, afa akɔ na woƒe aƒedowo katã, awɔ woƒe gbegbe abe Eden ene kple woƒe tagba abe Yehowa ƒe aba ene; vivisese kple dzidzɔ, kafukafuha kple saŋkuƒoƒo anɔ anyi.


Elabena ele dzroyem vevie bena, makpɔ mi ɖa, bene matsɔ gbɔgbɔ me nunanaa ɖe ana mi, ne wòado ŋusẽ mi;


Nyee, nyee nye amesi afa akɔ na mi. Ameka nènye, be nèle amegbetɔ, si nye nu kukua, kple amegbetɔvi, si wowɔna abe gbe ene la vɔ̃m?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite