Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Tesalonikatɔwo 2:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye le esia ta Mawu adɔ beble, si nu sẽ la, aɖo ɖe wo gbɔ, bene woaxɔ aʋatsokaka dzi ase,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 eya ta Mawu ɖe mɔ na wo be woaxɔ alakpa siawo katã dzi ase kple woƒe dzi blibo,

Gade chapit la Kopi




2 Tesalonikatɔwo 2:11
21 Referans Kwoze  

Eye alesi womebu eŋu bena, woalé Mawu ƒe sidzedze ɖe asi o la, nenema Mawu hã tsɔ wo de asi na tamebubu, si medze o, bene woawɔ nusiwo medze o;


Eye aʋatsonyagblɔɖila geɖewo atsi tre ahaflu ame geɖewo.


Ke Gbɔgbɔ la gblɔe kɔte bena, le ŋkeke mamleawo me la amea ɖewo ade megbe atso xɔse la me, eye woaɖo to beblegbɔgbɔwo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafia


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi mieɖo ŋu miaƒe vodadawo, eye miaƒe tosesẽwo dze go, be wokpɔ miaƒe nuvɔ̃wo le miaƒe nuwɔnawo me, esi woɖo ŋku mia dzi la, eyata asi atu mi.


Elabena míaƒe nuxɔxlɔ̃ metso beble alo makɔmakɔnyenye me o, eye mele alakpadada me o,


Elabena ame geɖewo ava le nye ŋkɔa dzi agblɔ bena: Nye enye Kristo; eye woaɖu ame geɖewo.


Elɔ̃ fiƒode, eyata neva edzi; yayra ƒe nu menyo eŋu o, eyata nenɔ adzɔge nɛ!


Ke ne woflu nyagblɔɖila ɖe wòƒo nu la, nye Yehowa ye flu nyagblɔɖila ma, eye mado nye asi ɖa ɖe eŋu ahatsrɔ̃e ɖa le nye dukɔ Israel dome.


nenema nye hã makpɔ dzidzɔ le ŋutasesẽ le wo ŋu ŋuti, eye mahe nusi dzia ŋɔ na wo la, ava wo dzi, elabena meyɔ ame, ke amea ɖeke metɔ o, meƒo nu, ke womesee o, wowɔ nusi nye vɔ̃ le ŋkunye me, eye wotia nusi medze ŋunye o.


Elabena alakpanya gblɔm wole ɖi na mi, be woaɖe mi ɖa le miaƒe anyigba dzi, ne manyã mi, eye miatsrɔ̃.


Amesi le dzofi yome la, dzi bleamee flui, maɖe eƒe agbe o, eye magblɔ na eɖokui o be: Ɖe menye aʋatsoe melé ɖe nuɖusi oa?


Tete megblɔ be: Alele, Aƒetɔ Yehowa, vavãe nèflu dukɔ sia kple Yerusalem, esime negblɔ be: „Míakpɔ ŋutifafa“, evɔ wònye yi de keke luʋɔ gbɔ hafi!


Eye woaɖe to ɖa le nyateƒe la ŋuti, eye woatrɔ ayi gliwo gbɔ.


Esi eƒe aƒetɔ se nya, siwo srɔ̃a gblɔ nɛ bena: ale kple ale wò kluvi wɔ ɖe ŋunye la, dɔme vee ŋutɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite