Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 9:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Elabena menya bena, miele edzi lɔ̃m, eye metsɔ esia ƒo adegbe le mia ŋuti le Makedoniatɔwo gbɔ, bena Axaya dzra eɖokui ɖo xoxo anɔ ƒe ɖeka enye si, eye veviedodo, si tso mia gbɔ la, de dzo ame geɖeawo me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 elabena menya ale si wònye miaƒe didi vevie be yewoawɔ lɔlɔ̃nununana sia, eye metsɔ esia ƒo adegbe na Makedonia hamewo be mi Akayatɔwo miele klalo kple miaƒe nunanawo abe ƒe ɖekae nye esia ene. Le nyateƒe me la, esia de dzo tɔxɛ aɖe woawo hã me be wodze ƒuƒoƒo nunanawo gɔme.

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 9:2
14 Referans Kwoze  

Eye meɖo aɖaŋu le esia me; elabena esia nyo na mi amesiwo meto ewɔwɔ gɔme ɖeɖeko o, ke boŋ edidi hã, anɔ ƒe ɖeka enye esi.


Nyemele egblɔm abe sedede ene o, ke boŋ metsɔ ame bubuwo ƒe veviedodo do miaƒe lɔlɔ̃ hã ƒe vavãnyenye kpɔ.


Azɔ ne míeɖe miaƒe lɔlɔ̃ kple miaƒe adegbe, si míeƒona le mia ŋuti la, ƒe dzesi fia woamawo la, ekema mieɖee fia le hameawo ŋku me.


eye míalé ŋku ɖe mia nɔewo ŋu, bena míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me,


Mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwò — mienya Stefana ƒe aƒe la bena, eyae nye ŋgɔgbetɔ le Axaya, eye bena, woɖo wo ɖokui ame kɔkɔewo subɔlawo —


ale bena mietrɔ zu kpɔɖeŋu na amesiwo katã xɔnɛ sena le Makedonia kple Axaya.


Ke menye esia ɖeɖeko o, hafi hamewo tiae hã, bene wòanye mía hamɔzɔla le amenuveve sia, tsi miewɔna hena Aƒetɔ la ƒe kafukafu kple míaƒe lɔlɔ̃ ƒe ɖeɖefia la me.


Dzideƒo geɖe lé asinye le mia ŋuti, meƒo adegbe geɖe hã le mia ŋuti, akɔfafa yɔm taŋ, megba go le dzidzɔkpɔkpɔ me le míaƒe xaxa katã me.


Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me, kple nɔvi Timoteo woŋlɔ ɖo ɖe Mawu ƒe hame, si le Korinto, kple ame kɔkɔe, siwo katã le Axaya blibo la katã:


Ke esi Galio nye du me dziɖula le Axaya la, Yudatɔwo tsɔ nu sɔsɔe tsi tre ɖe Paulo ŋuti, eye wokplɔe va ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ


Azɔ le ƒe geɖe megbe la meva be, matsɔ nunanawo na nye dukɔ la, eye masa vɔ.


Elabena edze Makedonia kple Axaya ŋu bena, woadzo nu na ame dahe, siwo le Yerusalem ƒe ame kɔkɔewo dome la.


Elabena ne meƒo adegbe le nane me le mia ŋuti le eƒe ŋku me la, mezu ŋukpe nam o, hafi alesi miegblɔ nuwo katã na mi le nyateƒe mee la, nenema ke míaƒe adegbe, si míeƒo le Tito ƒe ŋku me la, hã zu nyateƒe.


Ke azɔ miwu ewɔwɔ la hã nu, bene alesi miesu te helɔ̃ edzi faa la, mia wu nu hã le nusi le mia si la nu nenema ke.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite