Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 8:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye wotsɔ nuxɔxlɔ̃ geɖe ɖe kuku na mí be, yewoakpɔ gome le ame kɔkɔewo subɔsubɔdɔ ƒe amenuveve kple hadede me;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Woɖe kuku na mí be míaxɔ yewo hã ƒe nunana ale be yewo hã yewoakpɔ dzidzɔ be yewona kpekpeɖeŋu Mawu ƒe ame siwo le Yerusalem.

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 8:4
27 Referans Kwoze  

Azɔ le ƒe geɖe megbe la meva be, matsɔ nunanawo na nye dukɔ la, eye masa vɔ.


Eyaŋuti esi asinukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.


Mele vevie nam bena, maŋlɔ nya na mi le subɔsubɔdɔ, si wotso subɔ ame kɔkɔewo la ŋuti hafi o.


Elabena Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lalã, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm lã be o.


Mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwò — mienya Stefana ƒe aƒe la bena, eyae nye ŋgɔgbetɔ le Axaya, eye bena, woɖo wo ɖokui ame kɔkɔewo subɔlawo —


negbe ɖeko bena miaƒe ŋkuwo nanɔ ame dahewo dzi; nusi kekeake nye hã medoa vevie wɔna.


amesi kpɔ ɖaseɖiɖi nyui le dɔwɔwɔ nyuiwo ŋuti; ne enyia viwo, ne ewɔa amedzro, ne eklɔa ame kɔkɔewo ƒe afɔ ŋuti, ne ekpena ɖe fukpelawo ŋuti, ne enɔa ɖo nyui sia do nyui wɔwɔ yome.


Ke le nudzɔdzɔ na ame kɔkɔeawo ŋuti, alesi meɖoe na Galatia-hamewo la, nenema ke miawo hã miwɔ.


bene woaɖem atso tosẽla, siwo le Yudea la si me, eye bena nye subɔsubɔdɔ, si mewɔ hena Yerusalem la, nadze ame kɔkɔewo ŋu nyuie,


Eye esi wode mawutsi ta nɛ kple eƒeme katã la, eɖe kuku gblɔ bena: Ne miebum bena, mezu Aƒetɔ la dzixɔsela la, ekema miva aƒenye me, eye mina afima Eye wozi mia dzi.


Eye nusrɔ̃lawo do bena, wo dome amesiame nado nunanaa ɖe ɖe nɔvi, siwo le Yudea la, alesi woate ŋui.


Elabena ame dahewo le mia gbɔ ɖaasi, eye ɣesiaɣi, si mielɔ̃ la, miate ŋu awɔ nyuie na wo; ke nye la nyemeli kpli mi ɖaa o.


Eye fia la aɖo eŋu agblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nusianu, si miewɔ na nenem nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka la, nyee miewɔe na.


Elabena amesi ke le Fofonye, si le dzi ƒowò, ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la, eyae nye nɔvinyeŋutsu, enye nɔvinyenyɔnu, ganye danye hã.


Eye amesi ke tsɔ tsi fafa kplu na ame tsɛ siawo dometɔ ɖeka le nusrɔ̃la ɖeɖe ƒe ŋkɔ dzi ko la, vava mele egblɔm na mí bena: Eƒe fetu la mele eŋu tsi ge o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite