Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 8:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Elabena mele ɖase ɖim bena, woa ŋutɔwo lɔ̃ na nu faa alesi wote ŋui, eye wona nu wu alesi wote ŋui hã.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Mele ɖase ɖim le hame siawo ŋuti be wodzea agbagba dzɔa nu ŋutɔ, eye wowɔnɛ wòwua ale si woate ŋui gɔ̃ hã kple dzi faa, ke menye ɖe metee ɖe wo dzi be woawɔe o.

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 8:3
22 Referans Kwoze  

Eye Israel-viwo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, amesiwo lɔ kple dzi faa la, tsɔ nunanawo vɛ na Yehowa, bena woatsɔ awɔ dɔ, si Yehowa de se na Mose, be wòawɔ la.


Midzɔ nusiwo le mia si la na Yehowa Amesiame, si lɔ tso dzime faa la, nadza nu na Yehowa: sika, klosalo kple akɔbli;


gake esi nyemenya wò lɔlɔ̃nu o la, nyemedi be, mawɔ naneke o, bena wò nyuiwɔwɔ la nagato dzizizi me o, ke boŋ wòato lɔlɔ̃nu faa me.


Kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la mia dome amesiame natsɔ nane adzra ɖo ɖi vovo ɖe ye ŋutɔ gbɔ, eye wòaƒo enu ƒu le eƒe viɖekpɔkpɔ nu, bena menye ne meva la, hafi woadze nudzɔdzɔ gome o.


Eye nusrɔ̃lawo do bena, wo dome amesiame nado nunanaa ɖe ɖe nɔvi, siwo le Yudea la, alesi woate ŋui.


Elabena ne mewɔ esia kple lɔlɔ̃nu la, fetu te eme nam; ke ne nyemewɔe kple lɔlɔ̃nu o la, wotsɔ xɔnuvidɔ de asi nam.


Eye dukɔ la kpɔ dzidzɔ le esi wolɔ̃ faa la la, elabena wona nu Yehowa tso dzi blibo me faa; eye fia Dawid hã kpɔ dzidzɔ eteƒe mekɔ o.


Minyi Mawu ƒe alẽha, si le mia dome, eye mikpɔ edzi; menye le dzizizi ta o, ke boŋ kple lɔlɔ̃nu faa le Mawu nu; menye le viɖe ƒoɖi ta o, ke boŋ kple dzi faa;


Ne amea ɖe le nya gblɔm la, negblɔe abe mawunya ene; ne amea ɖe le subɔsubɔm la, netsɔ ŋusẽ, si Mawu tsɔ kee la subɔ, bene woakafu Mawu le nuwo katã me to Yesu Kristo dzi, amesi tɔ lanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


nenema ke esi mielɔ̃a nu le mia gbɔ o ŋuti la, edze mía ŋu nyuie bena, menye Mawu ƒe nyanyuie la ɖeɖeko míetsɔ na mi o, ke mía ŋutɔwo míaƒe agbe hãe boŋ; elabena mietrɔ zu míaƒe lɔlɔ̃tɔwo.


Elabena mele ɖase ɖim le eŋuti bena, ekpɔ agbagbadzedze geɖe le mia kple amesiwo le Laodikea kpakple amesiwo le Hierapoli la ta.


Elabena Mawu enye amesi wɔa didi kple nuwɔwɔ siaa le mia me le eƒe ŋudzedze la ŋuti.


Elabena mele ɖase ɖim na wo bena, wole ŋu ʋãm ɖe Mawu ŋu, gake menye kple sidzedze o.


Wò dukɔ atsɔ eɖokui ake wò le wò aʋakpegbe, eye wò ɖekakpuiwo anɔ atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me ado na wò abe zãmu tso agudzedze ƒe dɔ me ene.


Azɔ miaƒe dzidzo ƒe kafukafu la, afika wòle mahã? Elabena mele ɖase ɖim le mia ŋuti bena, ɖe miete ŋui la, ne mieho miaƒe ŋkuwo le to me tso nam.


Ewo nusi wòate ŋui; edze ŋgɔgbe va si ami na nye ŋutilã la hena ɖiɖi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite