Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 8:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Elabena míaƒe tamesusuwo le nu nyui yome, menye le Aƒetɔ la ŋku me ɖeɖeko o, ke le amewo ŋku me hã.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 Mawu ŋutɔ nya be nuteƒewɔlawo míenye, gake míedi be amewo hã nanya esia.

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 8:21
19 Referans Kwoze  

Migabu mia ɖokui aɖaŋudzelawo o! Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na amea ɖeke o, miaƒe tamesusuwo nanɔ nu nyuiwo yome le amewo katã ƒe ŋku me;


eye miaƒe anyinɔnɔ le trɔ̃subɔlawo dome nanɔ nyuie, bene nusi ta wogblɔ nya ɖe mia ŋuti ɖo abe vɔ̃wɔlawo ene la, le miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, siwo wodze si azɔ ŋuti la, woakafu Mawu le kpɔkpɔɖaŋkeke la dzi.


Mlɔeba la, nɔviwo, nusiwo nye nyateƒe, nusiwo dzea bubu, nusiwo le dzɔdzɔe, nusiwo le dzadzɛ, nusiwo dze na lɔlɔ̃, nusiwo dze na gbɔgblɔ, ne nudzeamewɔwɔa ɖe li, eye ne kafukafua ɖe li la, misusu nusiawo ŋuti!


Miɖe mia ɖokui ɖa tso vɔ̃ sia vɔ̃ ƒomevi me!


Elabena miele abe ame geɖe, siwo baɖa Mawu ƒe nya la ene o; ke boŋ abe vavãnyenye me kple Mawu me mietsɔnɛ tsonɛ gblɔa nya le Mawu ƒe ŋku le le Kristo me ene.


Elabena amesi ke subɔa Kristo le nusiawo me la, eƒe nu nyoa Mawu ŋu, eye wòdzea amewo ŋu.


Eyata mele didim bena, ahosi, siwo metsi haɖe o la, naɖe srɔ̃, adzi viwo, akpa woƒe aƒewo dzi, bene woagaɖe mo na adikãtɔ la, ne wòadzu hame la o.


bena wò nunana nanɔ ɣaɣlaƒe, eye Fofowò, si le nu kpɔmle ɣaɣlaƒe la, laɖo teƒe na wò.


Nenema ke mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ƒe ŋku me, bena woakpɔ miaƒe nu nyui wɔwɔwo, eye woakafu mia Fofo, si le dziƒo.


Eye wowɔa woƒe nuwo katã, bena amewo nakpɔ wo; elabena wowɔa woƒe ŋkuɖodzinuwo wokekena, eye wowɔa woƒe awutogbowo wololona;


Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, ne miagawɔ miaƒe dzɔdzɔenyenyenu le amewo ƒe ŋku me, be woakpɔ o; ne menye nenem o la, fetua ɖeke meli na mi le mia Fofo, si le dziƒowo la, gbɔ o.


Tete wòmlɔ eƒe afɔde vaseɖe ŋu ke, eye wòfɔ, hafi asiƒome nava kɔ; elabena egblɔ be, amea ɖeke megadze sii be, nyɔnu va lugbɔƒe o!


ekema amenuveve kple gɔmesese nyui asu asiwo le Mawu kple amegbetɔwo ŋku me.


Nenem míele mo xem na esia, bena amea ɖeke nagaka mo na mí le nudzɔdzɔ gã sia, si miena wodzo la ŋuti o.


Ke miedɔ wo kpakple mía nayi, si miedo kpɔ le nu geɖe me enuenu, eye miekpɔ bena, edoa vevie; ke azɔ la ele vevie dom geɖe wu tsãtɔ le dziɖoɖoɖeameŋu gã, si wòɖo ɖe mia ŋu la ta.


Ke ele ne be, wòakpɔ ɖaseɖiɖi nyui atso amesiwo le egodo la hã gbɔ, bene wòagadze dzudzu kple Abosam ƒe mɔ̃tetre me o.


Eye wògblɔ bena: Midu tsi tɔmedeze ene kɔ ɖe vɔsalã la kple nakeawo dzi! Eye wògblɔ be: Miwɔe zi evelia! Eye wowɔe zi evelia. Emegbe wògagblɔ be: Miwɔe zi etɔ̃lia! Eye wowɔe zi etɔ̃lia.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite