Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 8:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ke woada akpe na Mawu, amesi tsɔ nenem veviedodo le mia ŋuti sia de Tito ƒe dzi me;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Míeda akpe na Mawu, ame si tsɔ nenem veviedodo nu le mia ŋuti sia de Tito ƒe dzi me be wòakpe ɖe mia ŋu, axlɔ̃ nu mi abe nye ke ene.

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 8:16
13 Referans Kwoze  

Elabena Mawu tsɔe de woƒe dzi me, bene woawɔ eƒe tameɖoɖo dzi, eye woawɔ tameɖoɖo ɖeka dzi, eye woatsɔ woƒe fiaɖuƒe ana lã la, halase esime woawu Mawu ƒe nyawo nu.


Elabena amea ɖeke mele asinye, si ƒe tamesusu sɔ kple etɔ, amesi alé be na mi le nyateƒe me la o;


Eyata ne meŋlɔe na mi hã la, nyemeŋlɔe le amesi wɔ vɔ̃ sia ŋuti alo amesi ŋuti wowɔ vɔ̃ sia ɖo la ŋuti o; ke boŋ bene miaƒe veviedodo le mía ŋuti la nadze ƒã le mia dome le Mawu ƒe ŋku me.


Ke menye eƒe vava me ɖeɖeko o, ke le akɔfafa, si wotso fa akɔ nɛ le mia ŋuti la hã me boŋ; elabena egblɔ miaƒe didi vevi kple miaƒe avifafa kple miaƒe ŋuʋaʋã le tanye la fia mí, ale bena mekpɔ dzidzɔ wu tsãtɔ.


Mabla nu mavɔ kpli wo, ale be nyemadzudzɔ nyuiwɔwɔ na wo o. Made ŋunye vɔvɔ̃ woƒe dzi me, be womagate ɖa le ŋunye o.


Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye mabia nu yeye kple Israel ƒe aƒe kpakple Yuda ƒe aƒe.


Woakafu Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, si ɖe nusia dzi me na fia la, be wòaɖo atsyɔ̃ na Yehowa ƒe xɔ le Yerusalem,


Eye nusianu, si miewɔna le nuƒoƒo alo dɔwɔwɔ me la, miwɔ ye katã le Kristo Yesu ƒe ŋkɔa dzi, eye mida akpe na Mawu Fofo la le eyama me.


mia kple ŋutsu ʋeea ɖewo mietso le zã; ke nyemegblɔ nusi nye Mawu de dzi me nam, be mawo na Yerusalem la, na amea ɖeke o; eye laa ɖeke meno ŋunye o, negbe lã, si mede la koe.


ale bena míexlɔ̃ nu Tito bena, alesi ke wòdze egɔme xoxo la, nenema ke wòawu amenuveve sia nu le mia dome hã.


Le Tito gome la, nye zɔhɛ wònye, eye hadɔwɔla wònye le mia gbɔ; le nɔvi, siwo tso mía gbɔ gome la, hame ƒe ame dɔdɔwo wonye kple bubu na Kristo.


Esi Xizkiya kple amegãwo kpo nu ƒoƒuawola, wokafu Yehowa kple eƒe dukɔ Israel.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite