Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 8:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Elabena ne edzilɔlɔ̃ le la, edze ame ŋu be, woaxɔ le nusi le amesi la nu, eye menye le nusi mele esi o la nu o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Ne enye miaƒe didi be yewoana nu mí la, migatsi dzi le ga home si le mia si la ŋu o. Mawu ƒe didie nye be nàna nu si nàte ŋui, ke menye wu esi le asiwò o.

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 8:12
21 Referans Kwoze  

Amesiame abe alesi wòɖo ɖi le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o; elabena amesi na nu kple dzidzo la, eyae Mawu lɔ̃na.


Eye Israel-viwo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, amesiwo lɔ kple dzi faa la, tsɔ nunanawo vɛ na Yehowa, bena woatsɔ awɔ dɔ, si Yehowa de se na Mose, be wòawɔ la.


Misubɔ mia nɔewo le alesi amesiame xɔ amenuvevenunana la nu, abe Mawu ƒe amenuveve bubu ƒomevi geɖewo ƒe xɔnuvi nyuiwo ene.


Midzɔ nusiwo le mia si la na Yehowa Amesiame, si lɔ tso dzime faa la, nadza nu na Yehowa: sika, klosalo kple akɔbli;


Gblɔ na Israel-viwo bena, woadzɔ nu nam. Midzɔ nu nam le amesiame, si lɔ̃ tso dzime faa la si.


Amesi wɔa nuteƒe le nu suetɔ ke me la, enyea nuteƒewɔla le nu geɖewo hã me, eye amesi woa nu madzɔmadzɔ le nu suetɔ ke me la, enyea nu madzɔmadzɔ wola le nu geɖewo hã me.


Dɔmenyo enye amegbetɔ ƒe atsyɔ̃, ahedada nyo wu alakpadada.


Ke Yehowa gblɔ na fofonye Dawid bena: Esi nèɖoe ɖe ta mè be, yeatu xɔ na nye ŋkɔ la, èwɔe nyuie be, nèɖo esia ɖe ta me.


Ke azɔ miwu ewɔwɔ la hã nu, bene alesi miesu te helɔ̃ edzi faa la, mia wu nu hã le nusi le mia si la nu nenema ke.


Elabena menye be, ame bubuwo nakpɔ gbɔɖeme, eye miawo míakpɔ xaxa hafi o, ke boŋ bene wòasɔ pɛ; ɣeyiɣi sia me miaƒe agbɔsɔsɔ, si glia go la, nanɔ woamawo ƒe hiãtuame teƒe,


Ke menye esia ɖeɖeko o, hafi hamewo tiae hã, bene wòanye mía hamɔzɔla le amenuveve sia, tsi miewɔna hena Aƒetɔ la ƒe kafukafu kple míaƒe lɔlɔ̃ ƒe ɖeɖefia la me.


Amesiame, si di be, yeana klosalo kple akɔbli la, dzɔ wo na Yehowa, eye amesiame, si si xé le la, tsɔe vɛ hena ɖɔ vovovoawo wɔwɔ.


Nenema ke amesi xɔ eve la, ɖe vi eve ɖe wo dzi.


Eye amesi xɔ talento eve la, hã va gblɔ bena: Aƒetɔ, talento evee nètsɔ de asi nam; kpɔ ɖa, meɖe vi talento eve ɖe wo dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite