Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 8:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ke, nɔviwo, miana mianya Mawu ƒe amenuveve, si wòna le Makedonia hamewo me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Azɔ la, nɔviwo, medi be magblɔ nu siwo wɔm Mawu le, le Makedonia hamewo me to eƒe amenuveve me la na mi.

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 8:1
15 Referans Kwoze  

nusi ta hã medzea agbagba ɖo, eye metsina le eƒe ŋusesẽ, si sẽa ŋu ŋusẽtɔe le menye la nu.


elabena miewɔ esia ke na nɔvi, siwo katã le Makedonia blibo la katã. Ke míele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, bena miayi dzi geɖe wu,


Ke Mawu ƒe amenuveve la ŋuti mezu nusi menye, eye eƒe amenuveve, si wotsɔ ve nunye la, menye dzodzro o, elabena medze agbagba geɖe wu wo katã; ke menye nyee o, hafi Mawu ƒe amenuveve, si le kpakplim la boŋ.


Eye Paulo kpɔ ŋutega le zã me. Makedonia-ŋutsua ɖe le tsitre le kuku ɖem nɛ gblɔ bena: Tso ƒu va Makedonia, eye naxɔ na mí!


nye amesi nye ame kɔkɔewo katã dome suetɔ la, wotsɔ amenuveve sia na, bene magblɔ Kristo ƒe kesinɔnu, si mele nyanya tsitsotsito o da afia le trɔ̃subɔlawo dome,


Elabena menya bena, miele edzi lɔ̃m, eye metsɔ esia ƒo adegbe le mia ŋuti le Makedoniatɔwo gbɔ, bena Axaya dzra eɖokui ɖo xoxo anɔ ƒe ɖeka enye si, eye veviedodo, si tso mia gbɔ la, de dzo ame geɖeawo me.


Elabena edze Makedonia kple Axaya ŋu bena, woadzo nu na ame dahe, siwo le Yerusalem ƒe ame kɔkɔewo dome la.


Esi amesia va, eye wòkpɔ Mawu ƒe amenuvevea la, edzɔ dzi, eye wòde dzi ƒo na wo katã bena, woanɔ Aƒetɔ la gbɔ kple woƒe dzimeɖoɖo.


elabena nɔvi, siwo tso Makedonia va la, na nusiwo hiãm la, wòsɔ gbɔ de nunye, eye mekpɔ ɖokuinye dzi le nusianu me, bene nyemaganye agba na mi o, eye magakpɔ ɖokuinye dzi.


Elabena nunana sia ƒe subɔsubɔdɔ la menye ɖe wòde ame kɔkɔeawo ƒe hiãtutu nu ɖeɖe o, ke boŋ egba go le akpedada geɖe me hena Mawu hã;


bena nenye ɖe Makedoniatɔwo ava kpakplim, eye woakpɔ bena, miedzra mia ɖokui ɖo ɖi o la, ŋu nagakpe mí — míele didim be, miagblɔ be miawo ke la — le dziɖoɖo ɖe mia ŋu sia ŋuti o.


Azɔ le ƒe geɖe megbe la meva be, matsɔ nunanawo na nye dukɔ la, eye masa vɔ.


Eye amesi xɔ talento eve la, hã va gblɔ bena: Aƒetɔ, talento evee nètsɔ de asi nam; kpɔ ɖa, meɖe vi talento eve ɖe wo dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite