Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 7:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 gake azɔ dzi le dzɔyem, menye esi wòna míexa nu la ŋuti o, hafi bena wòna míexa nu hena dzimetɔtrɔ boŋ; elabena ena míexa nu ɖe Mawu ƒe didi nu, bena bubu naganɔe na mi le naneke me atso mía gbɔ o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Azɔ la, mekpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe be meɖo agbalẽ ma ɖe mi. Nyemele dzidzɔ kpɔm be miexa nu o, ke boŋ be agbalẽ la na miedzudzɔ agbe vlowo nɔnɔ, eye mieva Aƒetɔ la gbɔ. Mawu ŋutɔe to dzinye ŋlɔ agbalẽ ma na mi be miadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, eya ta menye míawoe na miexa nu o.

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 7:9
18 Referans Kwoze  

Mele egblɔm na mi bena: Nenema ke wòanye dzidzɔ le dziƒo le nuvɔ̃wɔla ɖeka, si trɔ le dzi me la ŋuti wu ame dzɔdzɔe blaasieke vɔ asieke, siwo mehiã dzimetɔtrɔ o la.


hele dzimetɔtrɔ yi Mawu gbɔ kple mia Aƒetɔ Yesu Kristo dzixɔxɔse ŋuti ɖase ɖim na Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa.


Nuxaxa nyo wu nukoko, elabena ne mo ɖo adã la, esɔnɛ na dzi.


Nye anyidzedze gbɔ megɔdidi o, eye nye vevesesewo le ŋkunye me ɖaa.


hena amesiawo la azu ku ƒe ʋeʋẽse heyina ku me, ke hena ame kemewo la azu agbe ƒe ʋeʋẽse heyina agbe me. Eye ameka de nusiawo nu mahã?


Elabena miaƒe adegbeƒoƒo enye esi: Míaƒe dzitsinya ƒe ɖase, si wòɖina bena, miezɔ le xexe sia me le Mawu ƒe dzimekɔkɔ kple dzi dzadzɛ me, eye menye ŋutilã ƒe nunya me o: ke le Mawu ƒe amenuveve me boŋ, vevietɔ le mia dome.


Mele egblɔm na mi bena: Nenema ke wòanye dzidzɔ le mawudɔlawo ƒe ŋku me le nuvɔ̃wɔla ɖeka, si trɔ le dzi me la ŋuti.


Matrɔ amenuveve kple kokoƒoƒo ƒe gbɔgbɔ akɔ ɖe Ɖawlɖ ƒe aƒe kple Yerusalemtɔwo dzi, eye woafɔ ŋku ɖe amesi woƒo nu ɖo la dzi, woafa konyi nɛ, abe alesi wofaa: konyi na tenuvi ene, eye woafa avi nɛ vevie, abe alesi wofaa avi na vi ŋgɔgbea ene.


Ke ele be, dzi nadza wò; elabena nɔviwò sia ku, eye wògagbɔ agbe; ebu, eye wogakpɔe.


Azɔ mitse ku, si dze dzimetɔtrɔ,


Elabena ne mena míexa nu le agbalẽa me hã la, mevem o; eye ne evem hã la — elabena mekpe bena, agbalẽ ma la, nenye ɣeyiɣi kpuia ɖe koe wòna míexa nu hã —


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite