Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 7:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eyaŋuti wofa akɔ na mí; ke hekpe ɖe míaƒe akɔfafa sia ŋuti la miekpɔ dzidzɔ geɖe wu le Tito ƒe dzidzɔ la ŋuti, esi eƒe gbɔgbɔ kpɔ gbɔɖeme tso mi katã mia gbɔ la ŋuti.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Hekpe ɖe dzideƒo si miena mí to lɔlɔ̃ si mieɖe fia mí la ŋu la, míegakpɔ dzidzɔ geɖe hã le ale si miexɔ Tito kple nu nyui siwo katã miewɔ nɛ be eƒe dzi dze eme la ta.

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 7:13
16 Referans Kwoze  

Ke Mawu, amesi fa akɔ na ame bɔbɔɖeanyiwo la, fa akɔ na mí le Tito ƒe vava la me.


Minɔ ŋudzɔ, minɔ tsitre le xɔse me, miwo ŋutsu, eye mise ŋu!


Eye ne ŋutinu ɖeka le fu kpem la, ŋutinuwo katã kpea fu nɛ ti, eye ne wode bubu ŋutinu ɖeka ŋu la, ŋutinuwo katã kpɔa dzidzɔ nɛ ti.


bene mava mia gbɔ kple dzidzɔ to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me, eye mia kple miawo míagbɔ ɖe eme.


Mlɔeba la mi katã misusu nu ɖeka, ame nu nawɔ nublanui na mi; milɔ̃ mia nɔewo abe nɔviwo ene; miaƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu; mibɔbɔ mia ɖokui.


Ẽ, nɔvi, na nye la makpɔ viɖe tso gbɔwò le Aƒetɔ la me; na nye dzi nagbɔ ɖe eme le Kristo me!


Aƒetɔ la nakpɔ nublanui na Onesiforo ƒe aƒe la; elabena ena nye dzi gbɔ ɖe eme enuenu, eye ŋu mekpenɛ le nye kɔsɔkɔsɔwo ŋuti o;


Eyaŋuti meɖoe ɖa kaba wu bena, ne miegakpɔe la, míakpɔ dzidzɔ, eye nye hã nye nuxaxa dzi nagaka aɖe.


Eye miaƒe nu lé dzi nɛ geɖe wu, esi wòɖo ŋku mi katã miaƒe toɖoɖo la dzi, alesi mietsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya xɔe la.


nyemekpɔ dzudzɔ le nye gbɔgbɔ me o; elabena nyemekpɔ nɔvinye Tito o, ke boŋ meklã wo, eye meto dzi yi Makedonia.


Eye meŋlɔ esia ke na mi bena, ne meva la, magakpɔ nuxaxa tso amesiwo ŋuti makpɔ dzidzɔ le hafi la gbɔ o, esi meɖo dzi ɖe mi katã mia ŋu bena, nye dzidzɔ enye mi katã mia tɔ la ŋuti.


Midzɔ dzi kple amesiwo dzi le dzɔdzɔm la, mifa avi kple amesiwo le avi fam la!


Elabena wona mia kple miaƒe gbɔgbɔ la gbɔ ɖe eme; eyata midze si nenem me siawo.


Elabena ne meƒo adegbe le nane me le mia ŋuti le eƒe ŋku me la, mezu ŋukpe nam o, hafi alesi miegblɔ nuwo katã na mi le nyateƒe mee la, nenema ke míaƒe adegbe, si míeƒo le Tito ƒe ŋku me la, hã zu nyateƒe.


Elabena, nɔvi, miekpɔ dzidzɔ geɖe kple akɔfafa le wò lɔlɔ̃ la ŋuti, le esi ame kɔkɔewo ƒe dziwo kpɔ gbɔɖeme to dziwò la ta.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite