Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 7:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Elabena nuxaxa ɖe Mawu ƒe didi nu la wɔa dzimetɔtrɔ, si mevea ame o, hena xɔxɔ; ke xexeame ƒe nuxaxa hea ku ve.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Elabena ɣe aɖewo ɣi la, Mawu nana míexaa nu be míadze si míaƒe nu vɔ̃wo eye míadzudzɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ, eye míadi agbe mavɔ la. Ke ne ame aɖe xa nu vevie le eya ŋutɔ ƒe agbe vlo nɔnɔ ta, gake metrɔ dzi me o la, ahe ku vɛ.

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 7:10
32 Referans Kwoze  

Eyata mitrɔ le miaƒe dzi me, eye migbugbɔ, be woatutu miaƒe nuvɔ̃wo,


Eye esi wose nya siawo la, wozi ɖoɖoe, eye wokafu Mawu gblɔ bena: Ekema Mawu na dzimetɔtrɔ trɔ̃subɔlawo hã hena agbe.


Eye Dawid gblɔ na Natan bena: Mewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Natan gblɔ na Dawid bena: Yehowa hã ɖe wò nuvɔ̃ la ɖa; mele kuku ge o.


Ke nudzɔla la tsi tre le adzɔge ke, eye melɔ̃ be, yeawu eƒe mo hã dzi akpɔ dziƒo o; ke boŋ eƒo akɔta gblɔ bena: Mawu, kpɔ nublanui na nye, nuvɔ̃wɔla!


Mele egblɔm na mi bena: Nenema ke wòanye dzidzɔ le mawudɔlawo ƒe ŋku me le nuvɔ̃wɔla ɖeka, si trɔ le dzi me la ŋuti.


Eye esi Mawu kpɔ, alesi wowɔ, be woɖe asi le woƒe mɔ vɔwo ŋu la, vɔ̃, si Mawu gblɔ be, yeawɔ wo la vee, eye mewɔe o.


Elabena mienyae bena, emegbe hã, esime wòdi be, yeanyi yayra ƒe dome la, wotee; elabena mekpɔ tametɔtrɔ ƒe mɔnu o, wònye etsɔ aɖatsiwo dii vevie hafi.


Dzi kpɔdzidzɔ nana lãme hayana, ke gbɔgbɔ xanu nana ƒuwo ƒuna kplakplakpla.


Eye Mawu gblɔ na Yona bena: Ɖe nèle dziku dom ɖe eteƒe le treklɔnu la taa? Eɖo ŋu bena: Tɔnye dzɔ be, mado dziku, vaseɖe esime maku.


Eye Dawid xaxa ŋutɔ, elabena aʋakɔ la be, yeaƒu kpee, elabena dzi ku aʋakɔ blibo la dome amesiame le viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo ta; ke Dawid tsɔ eƒe Mawu, Yehowa, do ŋusẽ eɖokui.


bena ne megava la, Mawu abɔbɔm ɖe anyi le mia gbɔ, eye mala konyi le ame geɖe, siwo wɔ nuvɔ̃ tsã, eye wometrɔ le woƒe dzi me le makɔmakɔnyenye kple ahasiwɔwɔ kple hadzedze, siwo wowɔ ŋuti o la ta.


Eye Petro ɖo ŋku Yesu ƒe nya, si wògblɔ nɛ la dzi bena: Hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃. Eye wòdo go, eye wòfa avi vevie.


ke boŋ amegbetɔwo kple lãwo siaa nata akpanya, woayɔ Mawu sesĩe, eye amesiame naɖe asi le eƒe mɔ vɔwo kple nu vɔ̃ɖi, si le edome la ŋuti.


Miaƒe sisilawo asi, eye woano towo dzi abe akpakpawo le agato me ene, eye wo katã woanɔ xɔxlɔ̃m le woƒe vodadawo la.


Woanɔ avi dzi ava, eye woanɔ koko ƒom makplɔ wo vɛ; makplɔ wo alo ma dzɔdzɔe, si dzi womakli nu le o la dzi ayi toʋuwo toe; elabena fofo menye na Israel, eye Efrayim la, vinye ŋgɔgbea ye.


Ŋutsu ƒe dzidodo tsɔa eƒe fukpekpewo, ke ne wɔna vɔ le dzidodo ŋu la, ameka atsɔ eya?


Hiãtɔ ƒe ŋkekewo katã nye vɔ̃; ke dzi kpɔdzidzɔ enye aglotutu atraɖi.


Dzi konu nana mo kɔna; ke ne dzi le nu xam la, ekema wɔ na vana le dziɖeƒo ŋu.


Tete Axab yi eƒe me, eɖo aɖa, eye dzi kui le nya, si Yezreeltɔ Nabot gblɔ nɛ be: nyemetsɔ fofonyewo ƒe domenyinu na wò o la ta. Eye wòmia eƒe aba dzi hetrɔ mo ɖe aga, eye wogbe nuɖuɖu.


Esi Axitofel kpɔ be, womewɔ yeƒe adaŋudede dzi na ve o la, ebla akpa na tedzi, eye wodze mɔ yi eƒe me le wo de. Eye esi wòɖo eƒe me la, ede ka ve na eɖokui, eye wòku, eye woɖii ɖe fofoa ƒe yɔdo me.


Eye wògblɔ nɛ bena: Fia vi, nukaŋuti nèle ku ɖim gbesiagbe ale? Màgblɔe nam oa? Tete Amnon gblɔ nɛ bena: Absalom nɔvinyɔnu Tamar ƒe nue lé dzi nam.


Ke esi Raxel kpɔ bena, yemedzi via ɖeke na Yakob o la, Raxel ʋã ŋu nɔvianyɔnu la, eye wògblɔ na Yakob bena: Na madzi vi; ne menye nenem o la, maku!


Nye anyidzedze gbɔ megɔdidi o, eye nye vevesesewo le ŋkunye me ɖaa.


Nuxaxa nyo wu nukoko, elabena ne mo ɖo adã la, esɔnɛ na dzi.


gake azɔ dzi le dzɔyem, menye esi wòna míexa nu la ŋuti o, hafi bena wòna míexa nu hena dzimetɔtrɔ boŋ; elabena ena míexa nu ɖe Mawu ƒe didi nu, bena bubu naganɔe na mi le naneke me atso mía gbɔ o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite