Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 6:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eyaŋuti mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa, Aƒetɔ la gblɔe, eye migaka asi nu makɔmakɔ ŋuti o, eye nye la maxɔ mi,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Esia ta, Yehowa gblɔ be, “Mido go le wo dome, eye miaɖe vovo tso wo gbɔ le nu sia nu me. Migade asi woƒe nu siwo ŋuti mekɔ o la ŋuti o, ekema maxɔ mi abe tɔnyewo ene.”

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 6:17
16 Referans Kwoze  

Midzo, midzo, miʋu tso afima! Migaka asi nu makɔmakɔa ɖeke ŋu o! Miʋu tso wo dome; mi Yehowa ƒe nutsɔlawo, mikɔ mia ɖokui ŋu!


Eye mese gbe bubua ɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm bena: Mi amesiwo nye nye dukɔ la, mido go tso me, bene miagade ha kplii le eƒe nuvɔ̃wo me o, eye bena miagaxa eƒe fuwɔame ƒe ɖeke o,


Azɔ la esi ŋugbedodo siawo le mía si la, lɔlɔ̃tɔwo, mina míakɔ mia ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, bena míawu kɔkɔenyenye nu le mawuvɔvɔ̃ me.


Eyata miʋu mia ɖokui me na. Yehowa, mía Mawu la, eye miwɔ eƒe lɔlɔ̃nu, eye miklã mia ɖokui ɖa tso anyigba dzi dukɔwo kple nyɔnu tutɔwo ŋu!


Eye wògblɔ na ha la bena: Mite ɖa le ame mavɔ̃mawu siawo ƒe agbadɔwo gbɔ, eye migaka asi woƒe nua ɖeke ŋu, bena miawo hã míagatsrɔ̃ le woƒe nuvɔ̃wo ta o.


Miɖe asi le bometsitsi ŋu, ne mianɔ agbe, eye milé gɔmesese ƒe mɔ tsa tẽ!


Eɖi ɖase kple nya bubu geɖewo hã, eye wòxlɔ̃ nu wo gblɔ bena Mina woaɖe mi tso dzidzime gɔglɔ̃ sia me!


Misi dzo le Babel, eye amesiame neɖe eƒe agbe, ne míagatsrɔ̃ ɖe woƒe vodadawo me o, elabena Yehowa ƒe hlɔ̃biaɣi enye esia; nusi wòwɔ la, eya teƒe woaɖo nɛ.


Eye Israel-vi, siwo gbɔ tso aboyo me la, woɖui hekpe ɖe amesiame, si ɖe eɖokui ɖa tso anyigba dzi dukɔwo ƒe nu makɔmakɔwo me heva wo gbɔ, be yewoadi Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋuti.


Mite ɖe aga le ha sia ŋu, ne matsrɔ̃ wo zi ɖeka.


Eyaŋuti mixɔ mia nɔewo, abe alesi Kristo hã xɔ mi ene hena Mawu ƒe kafukafu.


Nyemebɔbɔ nɔ nukolawo dome le dzidzɔ kpɔm o, ke boŋ nye ɖeka mebɔbɔ no aga le wò alɔ ta, elabena ètsɔ dziku yɔ menye fũ.


Miekpɔ mɔ aɖu lãfɔne, siwo katã ƒe afɔkli me fe, eye wodzɔa nu ɖuna.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite