Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 5:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Elabena miezɔna le xɔse me, eye menye le nukpɔkpɔ me o. —

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Míenya be esiawo katã le eme vavã to xɔse me, ke menye to nukpɔkpɔ kple ŋkume o.

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 5:7
10 Referans Kwoze  

esi míeléa ŋku ɖe nusiwo wokpɔna la ŋu o, ke nusiwo womekpɔa o la boŋ ŋuti mieléa ŋku ɖo. Elabena nusiwo wokpɔna la, mesena yina o; ke nusiwo womekpɔna o la, nɔa anyi tegbetegbe.


amesi miele kpɔkpɔm o, gake mielɔ̃nɛ; amesi miekpɔ haɖe o, gake miexɔa edzi sena, eye mietsɔa dzidzɔ, si mele gbɔgblɔ o, si ŋutikɔkɔe li na la, tsoa aseye,


ke ame dzɔdzɔe la anɔ agbe atso xɔse me, eye ne egbugbɔ ɖe megbe la, luʋɔnye makpɔ ŋudzedze nyui le eŋuti o.“


Mele agbe, gake meganye nyee le agbe o, ke boŋ Kristo ye le agbe le menye; ke nusi ƒe agbe mele le ŋutilã me azɔ la, mele agbe le Mawuvi, si lɔ̃m, eye wòtsɔ ye ŋutɔ ɖokui na ɖe tanye la, ƒe dzixɔxɔse me.


minɔ tsitre sesĩe ɖe eyama ŋuti le xɔse me, esi mienyae bena, fukpekpe mawo ke va mia nɔvi, siwo le xexeame la dzi.


Elabena azɔ la míekpɔa nu le ahũhɔ̃e me le abebubu me, ke emegbe la ŋku me kple ŋku me; azɔ la medze si nu afã kple afã, ke emegbe la madze si nu keŋ, abe alesi wodze sim keŋ la ene.


menye bena, mieɖua aƒetɔ ɖe miaƒe xɔse dzi o, ke míenye hadɔwɔlawo na miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ; elabena miele tsitre le xɔse me.


elabena miekpɔ va gbɔɖemeƒe, eye miexɔ anyigba, si Yehowa, mia Mawu, le mia na ge la haɖe o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite