Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 4:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 womimi mí ɖo le go sia go me, gake gbɔgbɔtsixe metsi mía ƒo o: míetsi dzodzodzoe, gake míebu ŋuɖoɖo keŋ o;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Womimi mí ɖo le go sia go me gake womegbã mí o, míetɔtɔ gake dzi meɖe le míaƒo o,

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 4:8
26 Referans Kwoze  

Eyata mekpɔa ŋudzedze nyui le gbɔdzɔgbɔdzɔwo me, le ŋutasesẽwo me, le hiãkamewo me, le yometitiwo me, le xaxawo me le Kristo ŋuti; elabena ne megbɔdzɔ la, ekema mesẽa ŋu.


Elabena esi mieva Makedonia hã, míaƒe ŋutilã mekpɔ dzudzɔa ɖeke o, ke míekpe fu le nusianu me boŋ, dzrewɔwɔ le mía gota, eye vovɔ̃ le mía me.


Ke Yehowa megblẽe ɖe esi me o, eye ne wodrɔ̃ ʋɔnui la, mebua fɔe o.


Nyemagblẽ mi ɖi tsyɔ̃eviwo o, megbɔna mia gbɔ.


Tetekpɔa ɖeke meva mia dzi kpɔ o negbe ame tɔ ɖeɖeko, gake nuteƒewɔla enye Mawu, amesi mana mɔ bena, woate mi akpɔ awu alesi miate ŋui la o; ke ana gododo le eme hã akpe ɖe tetekpɔ ŋuti, bene miate ŋu atsɔe.


ke boŋ le nuwo katã me la mieɖea mía ɖokui fiana abe Mawu ƒe subɔlawo ene; Le dzidodo geɖe me, le xaxawo me, le hiãkamewo me, le momenuvevewo me,


Dzideƒo vevi le Yehowa-vɔvɔ̃ me, eye sitsoƒe wònye na viawo.


Eye Samuel gblɔ na Saul bena: Nukaŋuti neɖe fu nam, eye nèna wokplɔm vɛ? Saul ɖo ŋu bena: Meɖo xaxa me ŋutɔ: Filistitɔwo le aʋa wɔm kplim, ke Mawu trɔ ʋu le yonyeme, eye megale nya ŋu ɖom nam azɔ to nyagblɔɖilawo dzi loo alo to drɔ̃e me o; eyata mena woyɔ wò vɛ, ne nagblɔ nusi mawɔ la nam!


Eye Dawid xaxa ŋutɔ, elabena aʋakɔ la be, yeaƒu kpee, elabena dzi ku aʋakɔ blibo la dome amesiame le viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo ta; ke Dawid tsɔ eƒe Mawu, Yehowa, do ŋusẽ eɖokui.


Yehowa ƒe ŋkɔ enye mɔ sesẽ; afima ame dzɔdzɔe la sina yina, eye wònɔa dedie.


Eye Saul gblɔ na eƒe adekplɔvi la bena: Di wò yi naƒo ɖem, ne bolotɔ siawo magava ƒo nu ɖem awɔ funyafunyam o! Ke eƒe adekplɔvi la melɔ̃ o, elabena ele vɔvɔ̃m ŋutɔ. Tete Saul tsɔ eƒe yi, eye wòdze enu.


zi geɖe woxaxam ɖo tso nye ɖekakpui me, ke womede nunye o.


ke ŋusẽ yeye ɖoa amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa ya ŋu, woɖoa li fu abe hɔ̃ ene, woƒua ɖu metia wo o, wòzɔa azɔli ɖeɖi metea wo ŋu o.


Gboti magaƒo se o, eye weinka matse o; amiti agbe aminana, eye agblewo mana, nuɖuɖu o; woatsrɔ̃ alẽwo le lãkpɔwo me, eye nyiwo maganɔ lãxɔwo me o.


Miexaxa le mía me o; ke miexaxa le mia ŋutɔwo miaƒe dzi me.


Ke medi bena, manɔ mia gbɔ fifi, ne matrɔ nye gbe; elabena nye tame blu le mia ta.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite