Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 4:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 esi míeléa ŋku ɖe nusiwo wokpɔna la ŋu o, ke nusiwo womekpɔa o la boŋ ŋuti mieléa ŋku ɖo. Elabena nusiwo wokpɔna la, mesena yina o; ke nusiwo womekpɔna o la, nɔa anyi tegbetegbe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Susu sia ta míetsɔa míaƒe ŋkuwo dana ɖe nu siwo kpɔm míele fifia la dzi o, ke boŋ míetsɔa míaƒe ŋkuwo dana ɖe nu siwo míekpɔna o la dzi, elabena nu siwo wokpɔna la nu mesena yina o, ke nu siwo womekpɔna o la nɔa anyi tegbee.

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 4:18
12 Referans Kwoze  

Elabena miezɔna le xɔse me, eye menye le nukpɔkpɔ me o. —


Ke xɔse enye dziɖoɖo ɖe nusiwo wokpɔ mɔ na ŋu kple kaka ɖe nusiwo womekpɔna o la dzi.


Eye ŋugbedodo, si eya ŋutɔ ɖo na mí la, eya nye agbe mavɔ la.


Le xɔse me amesiawo katã woku, eye woƒe asi mesu ŋugbedodo la dzi o, ke wokpɔe, eye wodo ɖoaƒe nɛ le adzɔge, eye woʋu me be, yewonye amedzrowo kple nunɔlawo le anyigba la dzi.


Eye woawo la wòayi ɖe fukpekpe mavɔ la me, ke ame dzɔdzɔewo la wòayi ɖe agbe mavɔ la me.


Ke mía Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutɔ kple Mawu, mía Fofo, amesi lɔ̃ mi, eye wotsɔ akɔfafa mavɔmavɔ kple mɔkpɔkpɔ nyui na mí to amenuveve me la,


Ke Kristo va nye nu nyui, siwo le vava ge la ƒe nunɔlagã, eye wòto agbadɔ, si nye gãtɔ kple blibotɔ wu, si wometsɔ asi wɔe o, eye metso xexe sia me o la me,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite