Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 3:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Elabena ne ŋutikɔkɔe li na fɔbubu ƒe subɔsubɔdɔ la, ekema dzɔdzɔenyenye ƒe subɔsubɔdɔ gbã go geɖe wu le ŋutikɔkɔe me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Ne ŋutikɔkɔe geɖe ƒo xlã se siwo hea ku vɛ la, ekema ŋutikɔkɔe geɖe fũu ŋutɔe aƒo xlã nubabla yeye si Mawu wɔ, si kplɔa ame yia agbe mavɔ la me.

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 3:9
23 Referans Kwoze  

Elabena amesi menya nuvɔ̃a ɖeke o la, ewɔe ne wòanye nuvɔ̃ ɖe mia teƒe, bene míawo la míazu Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye le eyama me.


Simon Petro, Yesu Kristo ƒe dɔla kple apostolo, ŋlɔ ɖo ɖe amesiwo kpɔ xɔse xɔasi ma ke kpli mí le mía Mawu kple mía xɔla Yesu Kristo ƒe dzodzoenyenye la me:


eye woakpɔm le eyama me, bena nye ŋutɔ nye dzɔdzɔenyenye, si tso sea me la, naganɔ asinye o, ke boŋ esi to Kristo dzixɔse me, dzɔdzɔenyenye, si tso Mawu gbɔ le dzixɔse ta la nana asinye,


Elabena ame alesi nu tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me la, wole fiƒode la te; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Woaƒo fi ade amesiame, si mena nusianu, si woŋlɔ ɖe anyi le sea ƒe agbalẽ me la dzi, bene wòawɔ edzi o la.“


Ye ƒe ŋutikɔkɔe le vovo, eye ɣleti ƒe ŋutikɔkɔe hã le vovo, eye ɣletiviwo ƒe ŋutikɔkɔe hã le vovo; elabena vovo le ɣletivi kple ɣletivi dome le ŋutikɔkɔe gome.


Ke eya ŋuta gbɔ wòtso miele Kristo Yesu me, amesi zu nunya kple dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye kpakple fexexeɖeta, si tso Mawu gbɔ la na mí,


Eye wòxɔ aʋatsotso ƒe dzesi, si nye xɔse, si le esi le aʋamatsomatso me la, ƒe dzɔdzɔenyenye ƒe nutrenu, bene wòanye fofo na amesiwo katã xɔna sena le aʋamatsomatso me la, bene woabui dzɔdzɔenyenye na woawo hã,


Le eŋɔli woaɖe Yuda, eye Israel ana anyi bɔkɔɔ. Eye ŋkɔ, si woava nɛ la, enye: „Yehowa, míaƒe dzɔdzɔenyenye“.


Mehe nye dzɔdzɔenyenye va kpuiƒee, mele adzɔge o, eye nye xɔname mahe de megbe o; mana xɔname Zion kple nye atsyɔ̃ Israel.


Amesi melé se sia ƒe nyawo me ɖe asi o, eye mewɔ wo dzi o la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!


aleke Gbɔgbɔ ƒe subɔsubɔdɔ manɔ ŋutikɔkɔe me geɖe awu o mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite