Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 3:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ke ɣesiɣi woatrɔ le woƒe dzi me ava Aƒetɔ la gbɔ la, woaɖe nutsyɔnu la ɖa.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Ke gbe si gbe wo dometɔ aɖe trɔ eye wòxɔ Aƒetɔ la la, ekema nu si tsyɔ mo nɛ si na be wòle viviti me la, ɖena ɖa.

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 3:16
13 Referans Kwoze  

Eye ne Mose yi Yehowa ƒe ŋku me, be wòaƒo nu kplii la, eɖea nu la le ŋku me, vaseɖe esime wòdoa go; eye ne edo go la, egblɔa se, siwo wode nɛ la, na Israel-viwo.


Le ɣemaɣi la tokunɔwo ase agbalẽ sia me nyawo, eye ŋkuagbãtɔwo ƒe, ŋkuwo akpɔ nu tso blukɔ kple viviti me.


Eye woade avɔ, si tsyɔ dukɔwo katã dzi, kple nutsyɔnu, si tsyɔ anyigba dzi dukɔwo katã dzi la ɖa le to sia dzi.


Eye gake woamawo hã, nenye ɖe wometsi dzimaxɔse dzi o la, woagatsɔ wo ado ɖe eme, elabena Mawu ate ŋu agado wo ɖe eme.


Amea ɖeke magafia nu xɔlɔ̃via kple nɔvia agblɔ be: „Dze si Yehowa“ o, elabena wo katã wòadze sim tso ɖeviwo dzi vaseɖe tsitsiawo dzi, Yehowa ye gblɔe; elabena matsɔ woƒe vodadawo ake wo, eye nyemagaɖo ŋu woƒe nuvɔ̃wo azɔ o.


Mina míaɖo míaƒe zɔzɔme a pɔ, míadzro eme akpɔ, eye míatrɔ ɖe Yehowa ŋu!


Viwòwo katã anye Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo, eye viwòwo ƒe ŋutifafa asa gbɔ.


Elabena èɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe, eye nèle se kple ɖoɖo, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la me ɖe asi, eye nètrɔ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu tso wò dzi blibo kple luʋɔ blibo me.


Ne nu siawo katã va dziwò le ɣeyiɣi, siwo gbɔna me, eye nèɖo xaxa me la, ekema atrɔ ɖe Yehowa, wò Mawu ŋu, eye aɖo to eƒe gbe;


Ke vaseɖe egbegbe sia la ɣesiaɣi, si ke woxlẽa Mose la, nutsyɔnu tsyɔa woƒe dziwo dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite