Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 3:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ɖe míegade asi mia ɖokui kafukafu mea? Alo ɖe ehiã mi, abe amea ɖewo ene bena, miatsɔ kafukafugbalẽ vɛ na mi alo miaxɔ kafukafugbalẽ le mia si mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Ke nya siwo meŋlɔ na mi la, ɖe wodze abe míele mía ɖokui kafum enea? Alo ɖe wòhiã mi abe ame aɖewo ene be míatsɔ kafukafugbalẽwo vɛ na mi alo míaxɔ kafukafugbalẽ le mia si mahã?

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 3:1
13 Referans Kwoze  

Mezu bometsila; gake miawoe zi dzinye. Elabena nye la miawoe lakafum hafi; elabena nyemetsi megbe le naneke me le apostolo, siwo ko akpa la ŋu o, wònye nyemenye naneke hafi o.


Elabena mieɖo dzi bena, míabu mia ɖokui akpe ɖe amea ɖewo ŋu, alo miatso mía ɖokui aɖo amea ɖewo, siwo kafua wo ɖokui la ŋu o; ke ame mawo la, esi wotso woa ŋutɔwo ɖokui dzidze wo ɖokui, eye wotsɔ wo ɖokui ɖo woa ŋutɔwo ɖokui ŋu ŋuti la, womenya nu o.


Miegale mía ɖokui kafum na mi o; ke miana asinukpɔkpɔ mi, nena míate ŋu aƒo adegbe le mia ŋuti, bena adegbeƒoƒo nanɔ mia si ɖe amesiwo ƒoa adegbe le ŋku me, eye menye le dzi me o la ŋuti.


Ke esi wòle didim be, yeayi Axaya la, nɔviawo de dzi ƒo nɛ, eye woŋlɔ agbalẽ na nusrɔ̃lawo be, woaxɔe. Eye esi wòva afima la, ekpe ɖe xɔsetɔwo ŋu geɖe to amenuveve me;


Ke ne meva va la, matsɔ agbalẽwo aɖe asi na amesiwo ke míekpɔ be, wodze la, aɖo wo ɖa, ne woatsɔ miaƒe nunana ayi Yerusalem.


Fifia katã miele susum bena, míele mía ɖokui ta ʋlim le mia gbɔ. Míele nu ƒom le Mawu ƒe ŋku me le Kristo me; ke, lɔlɔ̃tɔwo, míele wo katã wɔm le miaƒe ŋgɔgbedede ta.


Elabena nenye be, maƒo adegbe via ɖe wu le míaƒe ŋusẽ, si Aƒetɔ la tso na mi, bene míado mi ɖe ŋgɔ, eye menye be, miagblẽ mi o la ŋuti la, ŋu mele kpe ye ge o,


Elabena miele abe ame geɖe, siwo baɖa Mawu ƒe nya la ene o; ke boŋ abe vavãnyenye me kple Mawu me mietsɔnɛ tsonɛ gblɔa nya le Mawu ƒe ŋku le le Kristo me ene.


abe alesi nye hã mele ɖiɖim bena, madze amewo katã ŋu le nusianu me, eye nyemedia nusi nyo na nye ŋutɔ o, ke nusi nyo na ame geɖeawo boŋ, bene woakpe agbexɔxɔ la ene.


Elabena ne vidzikpɔla akpe ewo le mia si le Kristo me hã la, fofo geɖe meli na mi o; elabena metsɔ nyanyuie la dzi mi le Kristo Yesu me.


Mawu ƒe amenuveve, si wonam la, nu meɖo gome anyi abe xɔtula dzeaɖaŋu ene, ke ame bubu tui ɖe edzi. Gake amesiame nakpɔ nyuie, alesi wòatui ɖe edzi la.


Mele Foibe, mia nɔvinyɔnu, si nye Kenxrea-hame ƒe subɔla la, kafum na mi,


Elabena menye amesi tsia eɖokui la, nye ame nyui o, ke boŋ amesi Aƒetɔ la kafuna lae.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite