Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 2:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Elabena míenye Kristo ƒe ʋeʋẽ lilili na Mawu le amesiwo woxɔna ɖe agbe la kple amesiwo tsrɔ̃na la dome,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Elabena Mawu wɔ mí míezu ami si ʋẽna lĩlĩlĩ la, eye Kristo ƒe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si wòtsɔ de mía me la, kaka ɖe ame siwo katã kpɔ xɔxɔ kple ame siwo mekpɔe o la siaa dome.

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 2:15
12 Referans Kwoze  

eye mizɔ le lɔlɔ̃ me, abe alesi Kristo hã lɔ̃ mi, eye wòtso eɖokui hena ɖe mia ta, bene wòanye nunana kple vɔsa na Mawu, bene wòanye ʋeʋẽ lilili nyui la ene.


Elabena atitsoga la ŋutinya enye bometsinya na amesiwo tsrɔ̃ la, ke mí amesiwo woxɔ la, Mawu ƒe ŋusẽ wònye na mí.


Ne mekplɔ mi tso dukɔwo dome la, maxɔ mi atuu abe dzudzɔ ʋeʋẽe ene, maƒo mia nu ƒu tso anyigba, siwo dzi miekaka ɖo la dzi, eye makɔ ɖokuinye ŋu ɖe mia ŋuti le dukɔwo ŋku me.


Ke nuwo katã le asinye, eye megba go; elabena esi mexɔ miawo tso mia gbɔ to Epafrodito si me, nusiwo nye ʋeʋẽ lilili kple vɔsasa nyui, si dze Mawu ŋu la, meyɔ fũ.


Ke esi Yehowa se ʋeʋẽ lililia la, egblɔ le eƒe dzi me bena: Nyemagaƒo fi ade anyigba akpɔ le amegbetɔ ta o. Elabena ame ƒe dzimesusu enye vɔ̃ tso ɖevime ke, eye nyemagatsrɔ̃ nu gbagbewo katã, abe alesi mewo ene o.


kple madzɔmadzɔnyenye ƒe amebeble katã me le amesiwo le tsɔtsrɔm la dome; elabena womexɔ nyateƒe ƒe lolo, bene woaxɔ wo o.


Eye natɔ dzo agbo blibo la ɖe vɔsamlekpui la dzi; elabena numevɔsa wònye na Yehowa, ʋeʋẽ lilili kple Yehowa ƒe dzo wònye.


Emegbe naxɔ nuawo le wo si ada ɖe vɔsalã la dzi le vɔsamlekpuia dzi, eye natɔ dzo wo, bena woaʋẽ lilili de Yehowa. Yehowa ƒe dzo wònye.


eye mieɖe adzɔgbe alo na nu le mia ɖokui si alo le ŋkekenyuie ɖum hehe, yewoatsɔ nyi alo alé asa dzovɔ na Yehowa, eɖanye numevɔ alo akpedavɔ o, bena wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa la,


Wò ami le ya ɖem nyuie; wo ŋkɔ le abe ami, si wowu ene, eyata ɖetugbiwo lɔ̃a wo nya ɖo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite