Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 2:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 bena Satana nagaba mi o, elabena mienya eƒe tameɖoɖowo keŋkeŋ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Susu bubu si ta wòdze be miatsɔ nu vɔ̃ ake amewo ɖo lae nye be miaxe mɔ na Satana be wòagaɖu mia dzi, ahe tɔtɔ va mia dome o, elabena mí katã míedze si ale si wòdi be yeade zitɔtɔ hamewo domee.

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 2:11
20 Referans Kwoze  

Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ; elabena miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene;


Ke mele vɔvɔ̃m bena, amea ɖe menya nu o, alesi da la tsɔ eƒe adaŋu vɔ̃ ble Xawa la, nenema ke woagblẽ miaƒe tamesusuwo tso dzimekɔkɔ, si miekɔ na Kristo la me mahĩ?


Ke Aƒetɔ la gblɔ bena: Simon, Simon, kpɔ ɖa, Satana le mia dim, bena yeagbɔ mi, abe alesi wogbɔa lu ene;


amesiwo dome xexe sia me mawu gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu le la, bene Kristo, si nye Mawu ƒe nɔnɔme la, ƒe ŋutikɔkɔe nyanyuie la ƒe kekeli nagaklẽ na wo o.


Tete Yesu gblɔ ne bena: Te ɖa le gbɔnye, Satana! Elabena woŋlɔ ɖi bena: „Aƒetɔ, wò Mawu la, nade ta agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.“


Eye esia menye nukunu o; elabena Abosam ŋutɔ trɔa eɖokui wɔa kekeli ƒe dɔla.


Migagblẽ mia nɔewo ɖi o, negbe ne wo kpakple eve lɔ̃ halase ɣeyiɣia ɖe dzi hafi, bena miakpɔ asinu ado gbe ɖa, eye nusia megbe la miagava awɔ ɖeka, bene Satana nagate mi akpɔ le miaƒe ɖokuidzimaɖumaɖu la ŋuti o.


Yehowa gblɔ na Satana be: Ele ŋku ɖe nye dɔla Hiob ŋua? Elabena enye ame maɖifɔ, ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi, ye amea ɖeke mede enu le anyigba dzi o. Egale eƒe dzɔdzɔenyenye me ɖe asi ko, ke woa ède adã ta me nam, be magblẽ edome naneke mawɔmawɔe.


amesi gbea nya le dzigbɔɖeanyi me na amesiwo tsia tre ɖe mawunya ŋu, ɖewo Mawu ana dzimetɔtrɔ wo, bene woadze si nyateƒe la,


Eye le fiẽnuɖuƒe, esi Abosam ɖee Yuda Iskariot, Simon vi la, ƒe dzi me xoxo bena, wòafia eyome mɔ,


Ke mele gbɔgblɔm na mi ame mamletɔwo le Tiatira, amesiwo katã melé nufiafia sia me ɖe asi o, amesiwo menya Satana ƒe globoƒewo (abe alesi woyɔnɛ ene) o la: Nyemele agba bubua ɖeke da ge ɖe mia dzi o;


be wòaxɔ subɔsubɔdɔ sia kple apostolonyenye, si gbɔ Yuda te ɖa le, be yeayi ɖe ye ŋutɔ teƒe la.


Tete srɔ̃a gblɔ nɛ bena: Egale wo blibonyenye me ɖe asi koa? Gbe Mawu, ne naku!


Eye anyigbadzinɔla, siwo katã ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe alẽvi, si wowu la, ƒe agbegbalẽa me tso xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi me o la, woasubɔe.


Ke do asi da, ne nade asi nusiwo katã le esi la ŋu kpɔ, be magbe wò nya ɖe ŋkuwo me keŋ oa?


Ke ɖo wò abɔ ɖa, ne nade asi eƒe ʋu kple eƒe ŋutilã ŋu kpoa, be magbe wo nya me ŋkuwo me keŋ ene oa?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite