Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 12:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 hekpe ɖe nyaɖeɖefia, siwo ƒo wo katã ta ŋuti la o. Eyata bena nyemagado ɖokuinye ɖe dzi o la, wode ŋu nye ŋutilã me, si nye Satana ƒe dɔla, bene wòaƒom kple ko, bene nyemagado ɖokuinye ɖe dzi o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Mawu ƒe gãnyenye kple nukunu siwo teƒe mekpɔ la, menye nu bɔbɔe o, eye be nyemagado ɖokuinye ɖe dzi o la tae Mawu na be dɔléle aɖe ge ɖe nye ŋutilã me si zu ŋu nɔa fu ɖem nam. Esia nye Satana ƒe dɔla ƒe nuwɔna.

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 12:7
25 Referans Kwoze  

Ke ne mienyã anyigbadzinɔlawo le mia ŋgɔ o la, ekema amesiwo miegblẽ ɖi la, atro zu ŋu ano miaƒe ŋku ta kple aŋɔka anɔ mia xa, eye woaxaxa mi ɖo le anyigba, si dzi miele la dzi.


Eyata nye hã mele egblɔm na mi bena: nyemanyã wo le mia ŋgɔ o, ne woanye fuɖenametɔwo anɔ mia ŋu, eye woƒe mawuwo nanye mɔ̃ aɖe mi.


Ke mienyae bena, le ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti megblɔ nyanyuie fia mi zi gbãtɔ.


Ke esi eƒe dzi do eɖokui de dzi, eye eƒe gbɔgbɔ se ta me hede asi dada me la, wotutui tso eƒe fiaɖuƒe ƒe fiazikpui la dzi, eye woxɔ bubu le esi.


bene miatsɔ ame ma ade asi na Satana, bene wòagblẽ eƒe ŋutilã, ne woaxɔ eƒe gbɔgbɔ le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi.


Eye Yakob na ŋkɔ teƒe la be Pniel, elabena egblɔ be: Mekpɔ Mawu ŋku me kple ŋku me: gake metsi agbe.


Tete Satana dzo le Yehowa ŋku me hekplɔ ƒoƒoe vɔ̃ɖi ƒu Hiob tso eƒe afɔƒome vaseɖe eƒe dzodome.


Menye amesi ƒe dzimetɔtrɔ teƒe medidi o, bene wòagado eɖokui ɖe dzi, eye wòadze Abosam ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la me o.


Ke esi ŋusẽ ɖo eŋu la, ede asi dada me, vaseɖe esime eƒe nuwɔwɔ gblẽ; meɖi anukware na Yehowa, eƒe Mawu la o, eye wòge ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me hedo dzudzɔ le dzudzɔdovɔsamlekpui la dzi.


hafi nado ɖokuiwò ɖe dzi, eye naŋlɔ Yehowa, wò Mawu, si kplɔ wò tso kluvinyenyeƒe me le Egipte-nyigba dzi la be o;


Yakob ɖeɖe tsi megbe. Tete ŋutsua ɖe va te kame kplii ʋuu, vaseɖe esime agu dze.


Elabena ne amea ɖe wɔ mi kluviwo, ne amea ɖe ɖu mi keŋ, ne amea ɖe lé mi, ne amea ɖe do eɖokui ɖe dzi, ne amea ɖe ƒo mo na mi la, miedoa dzi tsɔnɛ.


Vaseɖe gaƒoƒo sia dzi la dɔ kple tsikɔ wua mí, eye miezɔa amama, eye woƒoa mí kple kɔ, eye nɔƒe gobia ɖeke meli na mi o.


Eye ŋu tɔame kple aŋɔka wɔnuveviame maganɔe na Israel ƒe aƒe la tso amesiwo ƒo xlã wo godoo, eye wole vlo dom wo la si me o, ne woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa.


Negbe esi wodɔ Babel-amegãwo ƒe ame dɔdɔwo do ɖee, be woabia nukunu, siwo dzɔ le anyigba la dzi ta se la, ko Mawu gblẽe ɖi, be yeadoe akpɔ, ne yeanya nusiwo katã le eƒe dzi me.


ne megado eɖokui ɖe dzi ɖe nɔviawo ŋu, eye wòadze le se la ŋu ɖe ɖusi alo mia me o, ne eya kple viaŋutsuwo nanɔ zi la dzi eteƒe nadidi le Israel dome.


esi míegbaa tamebubuwo kple nu kɔkɔ sia nu kɔkɔ, si kɔa eɖokui ɖe dzi ɖe sidzedze Mawu ŋuti la, eye mieɖea nyasãwo katã aboyo hena toɖoɖo Kristo;


Ke Abraham ƒe vinyɔnu sia, si Satana bla, kpɔ ɖa, ƒe wuienyi sɔŋ la, ɖe medze be, woatui le babla sia me le Sabat ŋkeke dzi o mahã?


Tete woɖe ta ɖe mo nɛ, wotu koe, eye amea ɖewo hã ƒo tome nɛ


Tete Yehowa gblɔ na Satana bena: Kpa ɖa, ele asiwò me, ɖeko kpɔ eƒe agbe ta!


Nyemakpɔ nublanui na viawo o, elabena ahasiviwo wonye.


Tete Yesu gblɔ ne bena: Te ɖa le gbɔnye, Satana! Elabena woŋlɔ ɖi bena: „Aƒetɔ, wò Mawu la, nade ta agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.“


Elabena wogblɔ be: Agbalẽawo kpena, eye wosẽna; ke eya ŋuta nye ame beli, eye eƒe nyawo mele ɖeke me o.


Ele be, maƒo adegbe; gake menye viɖe nam o; elabena mele Aƒetɔ la ƒe ŋutegawo kple nyaɖeɖefiawo gbɔ va ge.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite