Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 12:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Menya amea ɖe le Kristo me, ano ƒe wuiene enye esi — eɖanɔ ŋutilã me o, nyemenyae o, alo menɔ ŋutilã me o, nyemenyae o; Mawue nyae — wotsɔ nenem me sia dzoe yi ɖe dziƒo etɔ̃lia me ke.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Menya ŋutsu aɖe le Kristo me. Anɔ abe ƒe wuienee nye esia ene la, eɖanɔ ŋutilã me o, nyemenyae o, alo menɔ ŋutilã me o, nyemenyae o; Mawue nyae. Wokɔ nenem me sia yi dziƒo etɔ̃lia.

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 12:2
40 Referans Kwoze  

Eye wòva me bena, esime megbugbɔ va Yerusalem, eye mele gbe dom ɖa le mawuxɔ me la, mekpɔ ŋutega,


Eye enumake menɔ gbɔgbɔ la me, eye kpɔ ɖa, wodo fiazikpui anyi de dziƒo, eye amea ɖe bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi,


emegbe la mi amesiwo susɔ le agbe la, woahe mí kpakpli wo siaa le alilikpowo me aɖakpe Aƒetɔ la le ya me, eye ale míanɔ anyi kple Aƒetɔ la ɖaasi.


Nukaŋutie? Esi nyemelɔ̃a mi o taea? Mawue nyae!


Elabena ale ame gã, si ɖo kpo, eli tegbee, eye eƒe ŋkɔ nye kɔkɔe la, gblɔ esi: Mele dzi kple kɔkɔeƒe la, mele amesi wogbã gudugudu, kple amesi ƒe gbɔgbɔ wobɔbɔ de anyi la gbɔ, ne magbɔ agbe amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe amesiwo wogbã gudugudu la ƒe dzi.


Eye wòava me be, ne medzo le gbɔwò la, Yehowa ƒe gbɔgbɔ akplɔ wò adzoe ayi afisi nyemenya o. Eye ne meva gblɔe na Axab, eye mekpɔ wò o la, ekema awum; evɔ wònye wò dɔla vɔ̃a Yehowa tso eƒe ɖevime ke hafi.


Eye wòdzi ŋutsuvi, si latsɔ gatikplɔ akplɔ dukɔwo katã; eye wotsɔ via yi Mawu kple eƒe fiazikpui la gbɔ.


Eye gbɔgbɔ la kɔm le ŋutega me ɖada ɖe aboyomeawo gbɔ le Kaldea-nyigba dzi to Mawu ƒe gbɔgbɔ la me, eye ŋutega, si mekpɔ la, dzo le gbɔnye.


Ke nyateƒee, Mawu anɔ anyigba dzia? Kpɔ ɖa, dziƒo kple dziƒo ƒe dziƒowo melolo na wò o, ʋuu keke xɔ sia, si metu o.


Elabena Kristo meyi ɖe kɔkɔeƒe, si wotso asi wɔe wònye vavãtɔ ƒe kpɔɖeŋu la me o; ke dziƒo ŋutɔ wòyi, bene wòado ɖe Mawu ŋku me azɔ le mía ta;


Amesi va anyi la, eya ke ganye amesi yi dziƒowo katã ƒe dziƒo hã, bene wòayɔ nuwo katã taŋ.


Elabena le Kristo Yesu me la aʋatsotso mate ŋu awɔ naneke o, eye aʋamatsomatso hã nenema ke, hafi boŋ xɔse, si sẽa ŋu le bla me lae.


Ke Yudea-hame, siwo le Kristo me la, menyam le ŋku me o.


Eyata ne amea ɖe le Kristo me la, eya nye nuwɔwɔ yeye: Xoxotɔ la nu va yi, kpɔ ɖa, nuwo katã zu yeye!


Miɖuɖɔ Andronika kple Yunia, siwo nye ƒonyemeawo kple hanyegatɔwo, amesiwo xɔ ŋkɔ le apostoloawo dome, amesiwo tre kristotɔnyenye nam la, nam ƒã.


Eyata azɔ fɔbubua ɖeke meli na amesiwo le Kristo Yesu me la o, amesiwo mezɔna le ŋutilã nu o, negbe le Gbɔgbɔ nu


wodze sii, eye wosi yi ɖe Likaonia ƒe duwo, Listra kple Derbe, kple afima nutoawo me.


Amesi ɖua nye ŋutilã, eye wònoa nye ʋu la, enɔa menye, eye nye hã menɔa eme.


Eye wòva ve me, esime wòle wo yram la, wotee ɖa le wo gbɔ, eye wokɔe yi dziƒo.


Mikafui, mí dziƒo ƒe dziƒowo kple mi dziƒotametsiwo!


Menɔ gbɔgbɔ me le Aƒetɔ ƒe ŋkeke la azi, eye mese gbe gãa ɖe le ɖiɖim le megbenye, abe kpẽ ƒe gbeɖiɖi ene, gblɔ bena:


Mite mia ɖokui kpɔ, abe ɖe miele xɔse me ene; mido mia ɖokui kpɔ! Alo ɖe miedze si mia ɖokui bena, Yesu Kristo le mia me oa? Negbe ɖeko mieli ke o.


Elabena amesi menya nuvɔ̃a ɖeke o la, ewɔe ne wòanye nuvɔ̃ ɖe mia teƒe, bene míawo la míazu Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye le eyama me.


Ke eya ŋuta gbɔ wòtso miele Kristo Yesu me, amesi zu nunya kple dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye kpakple fexexeɖeta, si tso Mawu gbɔ la na mí,


Eye wogblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, ŋutsu kalẽtɔ blaatɔ̃ le wò dɔlawo dome, na wòayi ɖadi wò aƒetɔ, ɖewohĩ Yehowa ƒe Gbɔgbɔ tsɔe yi ɖaxlã ɖe toawo dometɔ ɖeka dzi alo baliawo dometɔ ɖeka me. Ke eɖo ŋu bena: Migadɔ ame ɖa o!


Kpɔ ɖa, dziƒo kple dziƒowo ƒe dziƒo kple anyigba kpakple nusiwo katã le edzi, wonye Yehowa, wò Mawu la to;


Tete gbɔgbɔ la kɔm ɖaɖa ɖe xɔxɔnu metɔ, eye kpɔ da, Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ xɔ la taŋ.


Miɖuɖɔ Priskila kple Akwila, siwo nye hanyedɔwɔlawo le Kristo Yesu me la, nam ƒã;


Miɖuɖɔ Urbano, si nye mía hadɔwɔla le Kristo me la, kple Staxis, nye lɔlɔ̃tɔ la, nam ƒã.


Miɖuɖɔ Apeles, amesi li ke le Kristo me la, nam ƒã. Miɖuɖɔ amesiwo tso Aristobulo ƒe aƒe me la, nam ƒã.


Azɔ esi nunɔlagã, si to dziƒowo me yi la, le mía si, si nye Yesu, Mawu Vi la, minɛ mialé miaƒe xɔsemeʋuʋu ɖe asi sesĩe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite