Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 11:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Ameka gbɔdzɔ, eye nyemagbɔdzɔ oa? Ameka nu woɖia, eye nyemefiã oa?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

29 Ne ame aɖe le hame aɖe me si gbɔdzɔ la, etena ɖe dzinye, eye nye hã megbɔdzɔna enumake eye ne hamevi aɖe wɔ nu vɔ̃ eye wòdze anyi la, enana be nuxaxa yɔa nye dzi me.

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 11:29
36 Referans Kwoze  

Mezu gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, bene asinye nasu gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo dzi; amewo katã mezu nusianu na, bene maɖe wo dome amea ɖewo kokoko.


Eyata ne nuɖuɖu ɖia nɔvinye nu la, ekema nyemele lã ɖu ge gbeɖegbeɖe akpɔ o, bene nyemagana nɔvinye nu o.


Gake la mekpɔ nusia le ŋutiwò bena, neɖe mɔ na nyɔnu Isabel, si yɔ eɖokui bena nyagblɔɖila, eye wòfiã nu nye dɔlawo heble wo, bene woawɔ ahasi, eye woaɖu nusiwo wosa vɔ na trɔ̃wo.


Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò agbagbadzedze kple wò dzidodo, eye bena mètea ŋu lɔ̃a ame vɔ̃ɖiwo ƒe nya o, eye nèɖo amesiwo gblɔna be, yewonye apostolowo, eye womenyee o la kpɔ, eye nèkpɔ be, aʋatsokalawo wonye,


Mitso mia nɔewo ƒe agbawo, eye ale míawu Kristo ƒe se la nu keŋ.


Ke esime mekpe bena, womele zɔzɔm dzɔdzɔe le nyanyuie la ƒe nyateƒe la nu o lã, megblɔ na Petro le wo katã ŋku me bena: Ne wò amesi nye Yudatɔ la, nènɔ agbe abe trɔ̃subɔla ene, eye menye abe Yudatɔ ene o la, aleke wo nèzi trɔ̃subɔlawo dzi, bena woanɔ agbe abe Yudatɔwo ene mahã?


Elabena ne míawo míegbɔdzɔ, eye miawo miesẽ ŋu la, miekpɔa dzidzɔ, eye esia ŋuti míele kuku ɖem ɖo le miaƒe blibodede ŋuti.


Wò bometsila, nusi nèƒã la, magbɔ agbe o, negbe ɖeko woaku hafi.


Eye ne ŋutinu ɖeka le fu kpem la, ŋutinuwo katã kpea fu nɛ ti, eye ne wode bubu ŋutinu ɖeka ŋu la, ŋutinuwo katã kpɔa dzidzɔ nɛ ti.


Alo ɖe aƒewo mele mia si, miaɖu nu, eye miano nu le wo me oa? Alo ɖe mieɖoa vlo Mawu ƒe hame, eye mieɖoa ŋukpe amesiwo mekpɔ nuwo o la mahã? Nuka gblɔ ge mala? Ɖe makafu mia? Esia me la nyemele mia kafu ge akpɔ o.


Ke ele na mi, amesiwo ŋu ŋusẽ le la bena, miatsɔ amesiwo ŋu ŋusẽ mele o la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye míagadze mía ɖokui ŋu o.


Midzɔ dzi kple amesiwo dzi le dzɔdzɔm la, mifa avi kple amesiwo le avi fam la!


Tete eye nusrɔ̃lawo ɖo ŋku nya, si woŋlɔ ɖi la dzi bena: „Wò aƒe ŋuti ŋuʋaʋã la mim.“


Eye Woayra amesi ke mekpɔ nuɖiaɖia le ŋutinye o.


Ke mikpɔ nyuie, bena miaƒe ŋusẽ nagazu nukikli na ame gbɔdzɔgbɔdzɔwo o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite