Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 11:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ke nusi mewɔna la, mawɔe hã, bene mana mɔnukpɔkpɔ nu natso na amesiwo dia mɔnu, bene woakpɔ wo le nusi me woƒo adegbe le la me abe míawo hã ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Ke mawɔ nu si meɖo la dzi be matsɔ ɖe ke le miaƒe apostolo siwo le adegbe ƒom be yewo hã Mawu ƒe dɔ ko wɔm yewole abe míawo ke ene la te.

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 11:12
13 Referans Kwoze  

Ne ame bubuwo kpɔ ŋusẽ sia ƒe gome ɖe mia dzi la, ɖe miawo míekpɔe wu woawo o mahã? Gake miewɔa ŋusẽ sia ŋuti da o, hafi míetsɔa wo katã kpoo boŋ, bene míagaxe mɔ na Kristo ƒe nyanyuie la o.


Eyata mele didim bena, ahosi, siwo metsi haɖe o la, naɖe srɔ̃, adzi viwo, akpa woƒe aƒewo dzi, bene woagaɖe mo na adikãtɔ la, ne wòadzu hame la o.


wònye nyanyuie bubua ɖeke meli o, negbe bena amea ɖewo li, siwo blu miaƒe tame, eye wole didim be, yewoadze ŋe Kristo ƒe nyanyuie la.


Esi ame geɖe ƒoa adegbe le ŋutilã nu ŋuti la, nye hã maƒo adegbe.


elabena nɔvi, siwo tso Makedonia va la, na nusiwo hiãm la, wòsɔ gbɔ de nunye, eye mekpɔ ɖokuinye dzi le nusianu me, bene nyemaganye agba na mi o, eye magakpɔ ɖokuinye dzi.


Ke amesi ƒoa adegbe la, naƒo adegbe le Aƒetɔ la me!


Miegale mía ɖokui kafum na mi o; ke miana asinukpɔkpɔ mi, nena míate ŋu aƒo adegbe le mia ŋuti, bena adegbeƒoƒo nanɔ mia si ɖe amesiwo ƒoa adegbe le ŋku me, eye menye le dzi me o la ŋuti.


Azɔ esi meɖo esia ɖe tame la, ɖe mewɔe le amefuflu mea? Alo nusi meɖo ɖe ta me la, ɖe meɖoe le ŋutilã nu bena, ẽ nanye ẽ, eye o nanye o le gbɔnye mahã?


Miaƒe adegbeƒoƒo menyo o. Mienyae bena, amɔwɔ ʋaʋã via ɖe nana amɔwɔ blibo la katã ʋãna o mahã?


Ke eya la metrɔna o, ameka axe mɔ na? Ne nane dzroe la, ewɔnɛ!


Eye tso ekema dzi la ele asinu dim, bena yeadee asi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite