Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 11:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ɖe miado dzi atsa nye bometsitsi via ɖe; miado dzi atsɔe nam tso!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Mexɔ se be miagbɔ dzi ɖi ase nye movinya siwo gblɔm mele na mi. Miɖo to ne magblɔ nye dzimenyawo na mi.

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 11:1
17 Referans Kwoze  

Elabena ne amesi gbɔna la, le gbe ƒã ɖem Yesu bubu, si míeɖe gbe ƒãe o la, alo ne miexɔ gbɔgbɔ bubu, si miexɔ tsã o la, alo miexɔ nyanyuie bubu, si miexɔ tsã o la, ekema mieɖoa dzi xɔnɛ nyuie!


Elabena esi xexeame metso ye ŋutɔ ƒe nunya dze si Mawu le Mawu ƒe nunya me o ŋuti la, eyata edze Mawu ŋu be, yeato gbeƒãɖeɖe bometsinya me axɔ amesiwo axɔ ase la.


Ŋukpedodo ta megblɔe ɖo, abe ɖe miawo la míegbɔdzɔ ene, ke nenye nusi me amea ɖe wo kalẽ le wònye la, — mele egblɔm le bometsitsi me — anye ne nye hã mawɔ kalẽ le eme.


Elabena esi míenye aɖaŋudzelawo ŋuti la, mielɔ̃na doa dzi tsoa bometsilawo ƒe nyawo.


Elabena ne míaƒe tame da la, eda na Mawu; ne tame nyui li na mí la, mia tae.


amesi ate ŋu ave ame manyanuwo kple mɔtrelawo nu, esi gbɔdzɔgbɔdzɔ le eya ŋutɔ hã ŋuti la ta,


Mezu bometsila; gake miawoe zi dzinye. Elabena nye la miawoe lakafum hafi; elabena nyemetsi megbe le naneke me le apostolo, siwo ko akpa la ŋu o, wònye nyemenye naneke hafi o.


Míenye bometsilawo le Kristo ŋuti, ke miawo la nunyalawo míenye le Kristo me; miawo la miegbɔdzɔna, ke miawo la miesẽa ŋu; wobua mi, ke miawo la woɖoa vlo mi.


Míeɖi ƒo xoxo, míezu kesinɔtɔwo xoxo, miegblẽa mi ɖi ɖua fia; ɖe miaɖu fia gɔ̃, bene miawo hã míaɖu fia kpakpli mi la, ne anyo!


Amea ɖeke nagable eɖokui o: Ne mia dome amea ɖe bu eɖokui nunyala le xexe sia me la, nezu bometsila, bene wòazu nunyala.


Ke Paulo gblɔ bena: Medi bena, Mawu nana be, ne esusɔ ʋee alo geɖe la, menye wò ɖeɖeko o, hafi boŋ amesiwo katã le to ɖomem egbe la, natrɔ zu esia tɔgbe abe nye ene, negbe babla siawo ko.


Ke esi Paulo be, yeake nu la, Galio gblɔ na Yudatɔwo bena: Ɖe wònye nu madzɔmadzɔ alo nu tovo wɔwɔ vɔ̃ɖia ɖe la, oo Yudatɔwo, ne edze be, maɖo to mi:


Ke Yesu xɔ edzi gblɔ bena: O, dzidzime maxɔse kple dzidzime, si tro kpaɖikpaɖi; ɣekaɣie manɔ anyi kpli mi ase ɖo? Eye ɣekaɣie mado dzi ahe mi ase ɖo mahã? Mikplɔe va gbɔnye afii!


Eya gblɔ na eƒe aƒenɔ bena: Oo, ne nye aƒetɔ aɖe nyagblɔɖila, si le Samaria gbɔ la! ayɔ dɔ eƒe anyi la nɛ.


Eye Yosua gblɔ bena: Oo, Aƒetɔ Yehowa, nukaŋuti nèkplɔ dukɔ sia tso Yordan, be natsɔ mi ade asi na Amoritɔwo, ne woatsrɔ̃ mi? Oo, ɖe míetsi Yordan godo la, ne nyo wu!


Ke Mose ɖo ŋu nɛ bena: Wòe le ŋu ʋã ge ɖe nunyea? Oo, Yehowa mana eƒe gbagba nava dukɔ blibo la dzi, eye wòatrɔ zu Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo dzro oa?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite