Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 10:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ke míawo la, míaƒo adegbe wòagbɔ me o, ke boŋ le dzidzeka ƒe dzidzedzidze, si Mawu ma na mí la nu, bene miade keke mia gbɔ hã.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Ke míawo la, míaƒo adegbe le nu si le mía si la ko ŋu; míaƒo adegbe le dɔ si Mawu de mía si be míawɔ, eye esi míewɔ le mia dome la koe nye míaƒe taɖodzinu.

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 10:13
12 Referans Kwoze  

Ke le esiawɔwɔwo me mebui bubunu be, magblɔ nyanyuie la atia, menye afisi woyɔ Kristo ƒe ŋkɔ le xoxo o, bene nyemagatu ɖe ame bubu ƒe gɔmeɖoɖoanyi dzi o,


eye amenuvevenunana, siwo le vovovo la, le mía si le amenuveve, si wona mí la nu; Nenye nyagbɔgblɔɖi la, miagblɔ nya ɖi le xɔse la nu:


Misubɔ mia nɔewo le alesi amesiame xɔ amenuvevenunana la nu, abe Mawu ƒe amenuveve bubu ƒomevi geɖewo ƒe xɔnuvi nyuiwo ene.


Ke mia dome amesiamee wona amenuveve le Kristo ƒe nunana ƒe dzidzenu la nu.


gake Gbɔgbɔ ɖeka mao wɔa nusiawo katã, eye wòmã nu na amesiame wo tɔxɛ wo tɔxɛ, abe alesi wòlɔ̃na ene.


Elabena to amenuveve, si wonam la me mele egblɔm na mia dome amesiame bena, negadi nu gã wu nusi dze ame be, woadi o; ke nedi ɖokuidziɖuɖu yome boŋ, amesiame abe alesi Mawu dzidze xɔse ƒe dzidzenu nɛ ene la.


Ke megblɔ be: Alo ɖe womesee o mahã? Ẽ, vavãe! Woƒe numegbe ɖi hoo le anyigba blibo la katã dzi, eye woƒe nyawo de xexeme ƒe seƒewo ke.


Eye wòna talento atɔ̃ ame ɖeka, eye eve ame ɖeka, ke ɖeka ame ɖeka, wo dome amesiame le eƒe ŋutete nu, eye wòyi nugbe.


Matsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ awɔ dzidzekae, eye dzɔdzɔenyenye anye nudanu; dzikpe atsrɔ̃ aʋatsositsoƒe la, eye tsi akplɔ bebeƒe la adzoe;


Amesi doa nunana ŋugbe ƒuƒlu la, le abe tsie ɖo ya le ƒoƒom, gake tsi gbe dzadza ene.


Gbe kple nuƒoƒoa ɖeke meli, si ƒe ɖiɖi womesena o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite