Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 10:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Elabena mieɖo dzi bena, míabu mia ɖokui akpe ɖe amea ɖewo ŋu, alo miatso mía ɖokui aɖo amea ɖewo, siwo kafua wo ɖokui la ŋu o; ke ame mawo la, esi wotso woa ŋutɔwo ɖokui dzidze wo ɖokui, eye wotsɔ wo ɖokui ɖo woa ŋutɔwo ɖokui ŋu ŋuti la, womenya nu o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Míedi be míawɔ abe ale si mia dometɔ aɖewo wɔna nɔa wo ɖokuiwo kafum eye wonɔa nya ʋlim le wo ɖokuiwo dome be ame kae nye gãtɔ hã o. Nu siawo katã nye movidzɔdzɔ be miadi be yewoakpɔ be, ame kae nye gãtɔ wu le yewo dome hã?

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 10:12
10 Referans Kwoze  

Ame bubu nekafu wò, eye menye wò ŋutɔ wò nu o, ame tutɔ, eye menye wò nuyiwo o.


Ele ŋutsu, si le eɖokui bum nunyalae la kpɔma? Mɔkpɔkpɔ le bometsila ŋu wu eyama.


Farisitɔ la le tsitrenu, eye wòdo gbe ɖa ɖe ta me be: Mawu, meda akpe na wò bena, nyemele abe ame bubuawo, adzodalawo, ame madzɔmadzɔwo, ahasiwɔlawo, alo abe nudzɔla sia hã ene o.


Elabena menye amesi tsia eɖokui la, nye ame nyui o, ke boŋ amesi Aƒetɔ la kafuna lae.


Elabena nyemado dzi agblɔ nyaa ɖeke o, negbe nusiwo Kristo wo to dzinye hena trɔ̃subɔlawo ƒe toɖoɖo le nyagbɔgblɔ kple dɔwɔwɔ me,


Ɖe míegade asi mia ɖokui kafukafu mea? Alo ɖe ehiã mi, abe amea ɖewo ene bena, miatsɔ kafukafugbalẽ vɛ na mi alo miaxɔ kafukafugbalẽ le mia si mahã?


Anyitsi geɖe nono menyo o; ke nya sesẽwo me dzodzro enye bubu.


Miegale mía ɖokui kafum na mi o; ke miana asinukpɔkpɔ mi, nena míate ŋu aƒo adegbe le mia ŋuti, bena adegbeƒoƒo nanɔ mia si ɖe amesiwo ƒoa adegbe le ŋku me, eye menye le dzi me o la ŋuti.


Nyateƒee! Miawo koe nye amewo, eye ne mieku la, ekema nunya ku.


Ke nenem me sia nasusu le esia ŋuti bena, amesi ƒomeviwo míenye le nya me le agbalẽwo me, esi miele mia gbɔ o la, nenem me mawo tɔgbe ke mianye le dɔwɔwɔ me, ne míele mia gbɔ hã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite