Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 10:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Elabena wogblɔ be: Agbalẽawo kpena, eye wosẽna; ke eya ŋuta nye ame beli, eye eƒe nyawo mele ɖeke me o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Mia dometɔ aɖewo gblɔ be, “Ne ele adzɔge la, eyae wòŋlɔa agbalẽ nɔa ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ dom na ame, gake ne eya ŋutɔ va la, megatea ŋu gblɔa nya mawo dometɔ aɖeke o, ke boŋ eƒoa nu abe ɖevi ene.”

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 10:10
13 Referans Kwoze  

Elabena Kristo medɔm be, made mawutsi ta na ame o, hafi bena magblɔ nyanyuie la afia boŋ, menye le nya ƒe nunya me o, bena Kristo ƒe atitsoga la nagazu dzodzro o.


Ke me menye ame manyanu le nuƒoƒo me hã la, nyemenyae le sidzedze me o, ke le nusianu me miedze ƒã le amewo katã dome le mia gome.


Tete Mose gblɔ na Yehowa bena: Taflatse, Aƒetɔ, nyemenya nuƒoƒo o, eye esia metso etsɔ kple nyitsɔ alo tso esime nède asi nuƒoƒo me kple wò dɔla o, elabena nye aɖe metrɔna ɖe nya ŋuti o.


Ke nye Paulo ŋutɔ mele nu xlɔ̃m mi to Kristo ƒe dɔmefafa kple tufafa me, nye amesi nye ame bɔbɔɖokui le miaƒe ŋku me le mia dome; ke esime nyemele mia gbɔ o la, dzi le ƒonye ɖe mia ŋu.


Elabena esi xexeame metso ye ŋutɔ ƒe nunya dze si Mawu le Mawu ƒe nunya me o ŋuti la, eyata edze Mawu ŋu be, yeato gbeƒãɖeɖe bometsinya me axɔ amesiwo axɔ ase la.


Eye megblɔ bena: Oo, Aƒetɔ Yehowa, kpɔ ɖa, nyemate ŋu aƒo nu o, elabena nyemetsi o.


bene nyemagawɔ abe ɖe metso agbalẽwo do vɔvɔ̃ na mi ene o.


Ke nenem me sia nasusu le esia ŋuti bena, amesi ƒomeviwo míenye le nya me le agbalẽwo me, esi miele mia gbɔ o la, nenem me mawo tɔgbe ke mianye le dɔwɔwɔ me, ne míele mia gbɔ hã.


Ŋukpedodo ta megblɔe ɖo, abe ɖe miawo la míegbɔdzɔ ene, ke nenye nusi me amea ɖe wo kalẽ le wònye la, — mele egblɔm le bometsitsi me — anye ne nye hã mawɔ kalẽ le eme.


Elabena miele dzesi dim le Kristo, si le nu ƒom le menye la si, amesi megbɔdzɔ le mia gbɔ o, ke enu sẽ le mia dome la boŋ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite