Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 1:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye míaƒe mɔkpɔkpɔ li ke le mia ŋuti, esi míenyae bena, alesi míekpɔa gome le fukpekpewo me la, nenema ke miekpɔa gome le akɔfafa me hã la ŋuti.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Míaƒe mɔkpɔkpɔ na mi li ke goŋgoŋgoŋ, elabena míenya be abe ale si miekpɔ gome le míaƒe fukpekpewo me ene la, nenema ke miakpɔ gome le míaƒe akɔfafa hã me.

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 1:7
16 Referans Kwoze  

Woayra ŋutsu, si doa dzi le tetekpɔ me la; elabena ne eva li ke la, akpɔ agbefiakuku, si ŋugbe Aƒetɔ la do na amesiwo lɔ̃nɛ la.


ne miedo dzi la, míaɖu fia hã kpakplii; ne miegbe nu le egbɔ la, eyama hã lagbe nu le mia gbɔ;


Elabena mele vɔvɔ̃m bena, ne meva mia gbɔ la, nyemakpɔ mi abe alesi mele didim ene o, eye miawo la míakpɔ nye hã, abe alesi miele didim o ene; bena dzrewɔwɔwo, ŋuʋaʋãwo, dɔmedzoedodowo, dzrehehewo, ameŋuzɔzɔwo, sakplisasawo, ɖokuidodoɖedziwo, nyamanyamawɔwɔwo anɔ anyi,


gake azɔ dzi le dzɔyem, menye esi wòna míexa nu la ŋuti o, hafi bena wòna míexa nu hena dzimetɔtrɔ boŋ; elabena ena míexa nu ɖe Mawu ƒe didi nu, bena bubu naganɔe na mi le naneke me atso mía gbɔ o.


abe alesi miedze si mí afã kple afã bena, míenye miaƒe adegbeƒoƒo, abe alesi miawo hã míenye mia to le mia Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkekea dzi la ene.


Tetekpɔa ɖeke meva mia dzi kpɔ o negbe ame tɔ ɖeɖeko, gake nuteƒewɔla enye Mawu, amesi mana mɔ bena, woate mi akpɔ awu alesi miate ŋui la o; ke ana gododo le eme hã akpe ɖe tetekpɔ ŋuti, bene miate ŋu atsɔe.


hegblɔna bena: Ɖe mieli le mia fofowo ŋɔli la, ne miewɔ ɖeka kpli wo le nyagblɔɖilawo ƒe nu la me o.


nye yometitiwo kple nye fukpekpe, siwo mekpe le Antioxia kple Ikonio kple Listra la yome; yometiti ma, siwo medo dzi kpe la, Aƒetɔ la ɖem tso wo katã me.


Nye Yohanes, mia nɔvi kple miaƒe hagomekpɔla le Yesu Kristo ƒe fukpekpe kple fiaɖuƒe kple dzidodo me la, menɔ ƒukpo, si woyɔna be Patmo la dzi le Mawu ƒe nya kple Yesu Kristo ƒe ɖaseɖiɖi ta.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite