Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 1:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke nenye ɖe míexaxa la, miaƒe akɔfafa kple xɔxɔ, si sẽa ŋu le fukpekpe, siwo ke míawo hã míekpena ƒe dzidodo me la tae; alo nenye ɖe wofa aka na mí la, miaƒe akɔfafa kple xɔxɔ tae.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Ne míexaxa la, miawo ƒe akɔfafa kple ɖeɖe tae; ke ne wofa akɔ na mí la, miawo ƒe akɔfafa tae. Esia dea dzigbɔgbɔ blewuu mia me be miawo hã mietea ŋu kpea fu siwo miekpena.

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 1:6
13 Referans Kwoze  

Eyata medoa dzi le nuwo katã me ɖe ame tiatiawo ta, bene woawo hã ƒe asi nasu xɔxɔ, si le Kristo Yesu me, kple ŋutikɔkɔe mavɔmavɔ la dzi.


amesi fa akɔ na mi le míaƒe xaxa blibo la katã me, bene míawo hã míate ŋu atsɔ akɔfafa, si Mawu tsɔ fa akɔ na mí la, afa akɔ na amesiwo kpea fu sia fu la;


elabena menyae bena, esia atrɔ zu agbexɔxɔ nam to miaƒe kukuɖeɖe kple Yesu Kristo ƒe Gbɔgbɔ la ƒe kpekpeɖeŋu me,


Eyaŋuti la mele kuku ɖem na mi bena, ɖeɖi nagate mia ŋu le nye xaxa, siwo mekpɔ le mia ta, esiwo nye bubu na mi la ŋuti o.


Ke amesi dzra mi ɖo na esia la, enye Mawu, amesi na Gbɔgbɔ ƒe awɔbanu hã mi.


Ke mienyae bena, amesiwo lɔ̃a Mawu la, nuawo katã tim hea nyuie vɛ na wo, amesiwo woyɔ le tameɖoɖoɖi la nu.


Ke nye la melɔ̃na ŋutɔ bena, magblẽ nu, eye mana woagblẽ nye ŋutɔ le míaƒe luʋɔwo ta, geɖe alesi melɔ̃a mi la, ʋee wu miawo la mielɔ̃am.


Eye wòva me bena, esi míewu ŋkekeawo nu vɔ la, miedzo, eye mieyi miaƒe mɔzɔzɔ la dzi, eye wo katã kple nyɔnuwo kpakple ɖeviwo ɖo mí ɖa, vaseɖe esime miedo go le dua me; eye míedze klo ɖe ƒuta hedo gbe ɖa;


Esiaŋuti la nye Paulo, Yesu Kristo ƒe gatɔ le mi trɔ̃subɔlawo ŋuti la,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite