Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 1:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Ke Mawue nye nuteƒewɔla, bena miaƒe nya, si miegblɔ na mi la, menye ẽ kple o o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Gbeɖe, mele eme nenema o. Abe ale si Mawu nye nyateƒetɔ ene la, nyemenye ame ma ƒomevi o. Nye “ɛ̃” nye “ɛ̃.”

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 1:18
10 Referans Kwoze  

Nuteƒewɔlae nye Mawu, amesi ya mi va Via Yesu Kristo, mía Aƒetɔ la, ƒe hamenɔnɔ me la.


Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Laodikea la, ƒe dɔla bena: Amesi nye Amen, ɖaseɖila nuteƒewɔla kple nyateƒetɔ, amesi nye Mawu ƒe nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze la, gblɔ esiawo bena:


Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Filadelfia la, ƒe dɔla bena: Amesi enye kɔkɔetɔ kple nyateƒea, amesi si Dawid ƒe safui le, amesi ʋuna amea ɖeke metuna o, eye wòtuna amea ɖeke meʋuna o la, eyae gblɔ esiawo bena:


Ke míenyae bena, Mawu ƒe Vi la va, eye wòna gɔmesese mí, bene mianya nyateƒetɔ la; eye míele nyateƒetɔ la me, le Via Yesu Kristo me. Esiae nye Mawu vavã la kple agbe mavɔ la.


Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, amesi wokafuna yi ɖe mavɔmavɔ me la, nyae bena, nyemeka aʋatso o.


Elabena miele abe ame geɖe, siwo baɖa Mawu ƒe nya la ene o; ke boŋ abe vavãnyenye me kple Mawu me mietsɔnɛ tsonɛ gblɔa nya le Mawu ƒe ŋku le le Kristo me ene.


Ke nye la meyɔ Mawu, ne woanye ɖaseɖila na nye luʋɔ bena, esi mekpɔ miaƒe nublanui la ŋutie nyemeva Korinto haɖe o,


Nu geɖewo le asinye, be magblɔ, eye madrɔ̃ ʋɔnu le mia ŋuti; ke amesi dɔm ɖa la, enye nyateƒetɔ, eye nusiwo nye hã mese le egbɔ la, nu mawo ke megblɔna na xexeame.


Azɔ Yesu do ɣli le mawuƒe la me hele nu fiãm, eye wòle gbɔgblɔm bena: Ẽ, mienyam, eye mienya afisi metso, eye nyemeva le nye ŋuta ɖokuinye si o, ke nyateƒetɔa ɖe li, amesi dɔm ɖa, amesi miawo mienyã o.


to bubu kple ŋukpe me, to ɖaseɖiɖi vɔ̃ kple ɖaseɖiɖi nyui me; abe ameblelawo ene, gake nyateƒetɔwoe;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite