Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 1:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Azɔ esi meɖo esia ɖe tame la, ɖe mewɔe le amefuflu mea? Alo nusi meɖo ɖe ta me la, ɖe meɖoe le ŋutilã nu bena, ẽ nanye ẽ, eye o nanye o le gbɔnye mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Ɖewohĩ mianɔ biabiam be ɖe metrɔ ɖoɖo si mewɔ gbã la alo ɖe mele nu wɔm abe xexea me tɔ siwo menya Kristo o, ne nya la nye “ɛ̃” la, wogblɔna be, “ao” ene mahã?

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 1:17
14 Referans Kwoze  

Ke boŋ miaƒe nya nanye: Ẽ, ẽ; o, o; eye nusi ke wu esiawo la, etso vɔ̃ɖito la me.


Ke wu wo katã la, nɔvinyewo, migatà nu o, eɖanye dziƒo alo anyigba alo nutàta bubua ɖeke o; ke miaƒe ẽ nanye ẽ, eye miaƒe o nanye o, ne miagadze ʋɔnudɔdrɔ̃ me o.


Miawo la ŋutilã nu miedrɔ̃a ʋɔnu ɖo, nye la nyemedrɔ̃a ʋɔnu amea ɖeke o.


Kpɔ ɖa, ale Yehowa gblɔ esi: Mado ɖe amesiwo tsɔ alakpa drɔ̃ewo gblɔa nya ɖi, eye wolia wo la dzi, amesiwo tsɔa woƒe alakpadadawo kple adegbeƒoƒowo kplɔa nye dukɔ tranae, evɔ wònye nyemedɔ wo o, eye nyemeɖo wo ɖa o hafi; womenye viɖea ɖeke na nye dukɔ o, Yehowa ye gblɔe.


Elabena miaƒe adegbeƒoƒo enye esi: Míaƒe dzitsinya ƒe ɖase, si wòɖina bena, miezɔ le xexe sia me le Mawu ƒe dzimekɔkɔ kple dzi dzadzɛ me, eye menye ŋutilã ƒe nunya me o: ke le Mawu ƒe amenuveve me boŋ, vevietɔ le mia dome.


Eƒe nyagblɔɖilawonye toflokowo kple alakpatɔwo; eƒe nunɔlawo ɖo gu nu kɔkɔe la, eye woto vo ɖe se la ŋu.


Woɖe klosalo blaadre nɛ tso Baal-Berit ƒe gbedoxɔ me, eye Abimelex tsɔe da yakamewo kple ame vlowo wodze eyome.


Eyata míedi be, míava mia gbɔ, nye Paulo la zi ɖeka kple zi eve hã: ke Satana xe mɔ na mí.


Ke meyi le nyaɖeɖefiaa ɖe nu, eye metsɔ nyanyuie, si meɖea gbe ƒã le trɔ̃subɔlawo dome la, ɖo wo ŋku me, ke vevietɔ amesiwo wohuna be, wonye nane la ŋku me, bena nyemele du sim dzodzro alo mesi du dzodzro o.


bena wòɖe ye ŋuta Via ɖe go fia le menye, bene magblɔ eŋuti nyanyuie la afia le trɔ̃subɔlawo dome la, enumake mía kple ŋutilã kple ʋu míetia nya me o,


Ke srɔ̃a Yosef, si nye ame dzɔdzɔe, eye mele didim be, yeado ŋukpee o la, do tame bena, yeagblẽe ɖi le aɖaŋu me.


Esi ame geɖe ƒoa adegbe le ŋutilã nu ŋuti la, nye hã maƒo adegbe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite