Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Yohanes 5:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Elabena ame etɔ̃e li, amesiwo le ɖase ɖim le dziƒo: Fofo la, Nya la kple Gbɔgbɔ kɔkɔe la, eye ame etɔ̃ siawo le ɖeka.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Ame etɔ̃e li, ame siwo le ɖase ɖim le dziƒo: Fofo la, Nya la kple Gbɔgbɔ kɔkɔe la, eye ame etɔ̃ siawo le ɖeka.

Gade chapit la Kopi




1 Yohanes 5:7
31 Referans Kwoze  

Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, miade mawutsi ta na wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me,


Eye miawo la nya siawo ƒe ɖaseɖilawo míenye kple Gbɔgbɔ kɔkɔe la, si Mawu na amesiwo ɖoa toe.


Le gɔmedzedzea me Nya la li, eye Nya la li kple Mawu, eye Nya lae nye Mawu.


Azɔ la esi wodoe ɖe dzi ɖe Mawu ƒe nuɖusi me, eye wòxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋugbedodo hã tso Fofoa gbɔ la, etrɔ nusi kpɔm miele kple nusi Sem miele la kɔ ɖe anyi.


Esiae nye amesi va le tsi kple ʋu me: Yesu Kristo, menye tsi ɖeɖe me koe wòva le o, ke boŋ tsi kple ʋu mee wòva le. Eye Gbɔgbɔ la enye amesi ɖia ɖase: elabena Gbɔgbɔ la enye nyateƒe la.


Yesu ɖo ŋu bena: Nenye ɖe mekafu ɖokuinye la, ekema nye kafukafu la menye naneke o; Fofonye li, amesi miawo miele gbɔgblɔm bena, enye miaƒe Mawu la, eyae le kafuyem.


Esi wogale nuƒoƒo la dzi la, kpo ɖa, alilikpo, si klẽ la, do vɔvɔli ɖe wo dzi; eye kpɔ ɖa, goe tso alilikpo la me gblɔ bena: Amesia enye vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, si dzea ŋunye; miɖo to eyama!


Aƒetɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye, elabena Yehowa si ami nam, be mahe du nyui la ayi na amesiwo wole ɖe anyi; eɖom ɖa, be mada gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu, maɖe gbe ƒã ablɔɖe na gatɔwo, ne woaɖe ga amesiwo wode gãe;


Mia kple Fofonye la ɖekae míele.


Yehowa ƒe nye wotsɔ wɔ dziƒowoe, eye eƒe nu me gbɔgbɔ wotsɔ wɔ wo ŋu nuwo katàe.


Israel, see, Yehowa, mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe!


Elabena sigbe alesi agbe le Fofo la ŋutɔ ɖokui me la, nenema ke wòna Vi la hã be, agbe nanɔ esi le eya ŋutɔ ɖokui me:


eye wòdo awua de, si ŋu wohlẽ ʋu do, eye woyɔ eƒe ŋkɔ be Mawu ƒe nya.


Fofo, kɔ wò ŋkɔ ŋuti. Tete gbe ɖi tso dziƒo gblɔ bena: Mekɔ eŋuti xoxo, eye magakɔ eŋuti.


Nyee nye amesi le ɖase ɖim le ɖokuinye ŋuti, eye Fofo, si dɔm ɖa la, ɖia ɖase le ŋutinye.


Ke ne meɖo to wò o la, yi ɖatsɔ ame ɖeka alo eve kpe ɖe ɖokuiwò ŋu, bena le ɖaseɖila eve alo etɔ̃ nu la woaɖo kpe nya sia nya dzi.


Nusi li tso gɔmedzedzea me, nusi miese, nusi míekpɔ kple míaƒe ŋkuwo, nusi míekpɔ kɔte, eye míeƒo asii kpɔ, le agbenya la ŋuti —


Nyateƒegbɔgbɔ, si xexeame mate ŋu axɔ o, elabena mekpɔnɛ o, eye menyanɛ hã o; ke miawo la mienya eyama, elabena ele mia gbɔ, eye wòanɔ mia me.


Ne nyaxɔɖakɔla va, amesi maɖo ɖe nu atso Fofo la gbɔ, nyateƒe la ƒe Gbɔgbɔ, si doa go tsoa Fofoa gbɔ la, eyama aɖi ɖase le ŋutinye;


Eye ame etɔ̃e li, amesiwo le ɖase ɖim le anyigba dzi, woawoe nye: Gbɔgbɔ la kple tsi la kpakple ʋu la, eye ame etɔ̃ siawo le ɖeka.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite