Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Yohanes 5:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ne amea ɖe kpɔ nɔvia wɔ nuvɔ̃, si mahe ame ayi ku me o la, neɖe kuku, eye wòana agbe amesiwo mewɔ nuvɔ̃, si ahe ame ayi ku me o. Nuvɔ̃a ɖe li, si ahe ame ayi ku me; nyemegblɔ be, woaɖe kuku ɖe eya ta o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Ne ame aɖe kpɔ be ye nɔvi wɔ nu vɔ̃ si ƒe fetu menye ku o la, nedo gbe ɖa, ale be Mawu naxɔe ɖe agbe. Mele esia gblɔm ku ɖe ame siwo ƒe nu vɔ̃ mehea ku vanɛ o la ŋuti. Nu vɔ̃ aɖe li si hea ame yia ku me, menye nu vɔ̃ sia tɔgbe ƒe nya gblɔm mele o.

Gade chapit la Kopi




1 Yohanes 5:16
32 Referans Kwoze  

Ke wò la megaɖe kuku ɖe dukɔ sia ta o, megaƒo koko, eye megado gbe ɖa ɖe wo ta o, elabena ne wodo ɣli yɔm le woƒe hiã me la, nyemaɖo to wo o.


Ne amegbetɔ da vo ɖe nɔvia amegbetɔ ŋu la, ekema ʋɔnudrɔ̃lawo tsoa eme; ke ne amegbetɔ da vo ɖe Yehowa ŋu la, ameka aɖe kuku ɖe eta? Ke womese wo fofo ƒe gbe o, elabena Yehowa ɖo be, yeawu wo.


Eye amesiame si agblɔ nya ɖe Amegbetɔvi la ŋuti la, woatsɔe akee; ke amesi agblɔ busunya ɖe Gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋuti la, womele etsɔ ge akee o.


Eye Yehowa gblɔ nam bena; Megaɖe kuku ɖe dukɔ sia ƒe nyui ta o.


Ke wò la megaɖe kuku ɖe dukɔ sia ta o, megaƒo koko ɖewo ta o, megado gbe ɖa ɖe wo ta o, eye megaƒoe ɖe nunye o, elabena nyemasee na wò o.


Ke ne amea ɖe ɖo tame wo nane la, ekema edo vlo Yehowa, eɖanye duamevi alo amedzro o; ele be, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ la dome.


gblɔ bena: Aƒetɔ, ne eve nunye la, ekema meɖe kuku be, Aƒetɔ ŋutɔ nanɔ mia dome ayi, elabena dukɔ kɔ lialiatɔ wònye, eyata tsɔ miaƒe vodadawo kple nuvɔ̃wo ke mi, eye naxa mí awɔ tɔwòe.


Eye Abraham ɖe kuku na Mawu ɖe Abimelex kple srɔ̃a kple atsusiawo katã ta, eye wòyɔ dɔ wo, bena woate ŋu adzi vi.


Azɔ gagbugbɔ nyɔnu la na srɔ̃a, elabena nyagblɔɖila wònye, eye wòaɖe kuku ɖe tawo, be natsi agbe. Ke ne meɖe asi le eŋu o la, ekema nyae bena, mia kple aƒewòmetɔwo katã miaku.


Tete wòbe, yeatsrɔ̃ wo, ɖe menye eƒe ame tiatia Mose ye tsi tre ɖe gbagbãƒe le eŋku me, ne wòafa eƒe dziku nu, be magagblẽ nu o la!


Nye la mele biabiam ɖe wo nu, menye ɖe xexeame nu mele biabiam ɖo o: ke boŋ ɖe amesiwo nètsɔ nam la nu; elabena tɔwo wonye:


Medi ame le wo dome, si aɖo gli, eye wòatsi tre ɖe gbagbãƒe le ŋkunye me ɖe anyigba la nu, ne magagblẽe o, ke nyemekpɔ ɖeke o.


Tete Mose ɖo ɣli na Yehowa bena: Ao, yɔ dɔe dzro!


Aleksandro, akɔblitula, wɔ vɔ̃ geɖe ɖe ŋunye; Aƒetɔ la aɖo eteƒe ne le eƒe nuwɔnawo nu;


Eye dukɔ blibo la gblɔ na Samuel bena: Ɖe kuku na Yehowa, wò Mawu la, ɖe wò dɔlawo ta, ne míagaku o! Elabena miewɔ nu vlo hetsɔ ƒu míaƒe nuvowo katã dzi be, miebia fia.


Madzɔmadzɔnyenye katã enye nuvɔ̃, eye nuvɔ̃a ɖe li, si mahe ame ayi ku mee o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite