Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Yohanes 5:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Amesi ke xɔa Mawu ƒe Vi la dzi sena la, eya kpɔa ɖaseɖiɖi sia le eɖokui me; amesi ke mexɔa Mawu dzi sena o la, eya do Mawu aʋatsokalae; elabena mexɔ ɖase, si Mawu ɖi le Via ŋuti la, dzi se o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Eya ta ame sia ame si xɔa Mawu Vi la dzi sena la ɖia ɖase le eƒe dzi me. Eye ame si mexɔa Mawu dzi se o la, ewɔ Mawu aʋatsokalae, elabena mexɔ ɖase si Mawu ɖi le Via ŋu la dzi se o.

Gade chapit la Kopi




1 Yohanes 5:10
22 Referans Kwoze  

Gbɔgbɔ la ŋutɔ ɖia ɖase kpena ɖe míaƒe gbɔgbɔ la ŋu bena, mawuviwo míenye.


Ke esi míenye viwo ŋuti la, Mawu dɔ Via ƒe Gbɔgbɔ, si le ɣli ɖom be; Aba, Fofo la, ɖo ɖe míaƒe dziwo me.


Amesi le eƒe ɖaseɖiɖi xɔm la, eya ɖo kpe edzi bena, Mawue nye nyateƒetɔ.


Eye eƒe nya menɔ mia me o; elabena amesi eyama dɔ ɖa la, eya dzie miexɔ se o.


Nɔviwo, mikpɔ nyuie be, dzi vɔ̃ɖi maxɔse naganɔ mia dometɔa ɖeke me o, bene wòagatrɔ atso Mawu gbagbe la gbɔ o,


Mawu menye amegbetɔ wonye, ne wòaka aʋatso o eye menye amegbetɔwo ƒe vi wònye, ne wòatrɔ nya o. Ɖe woagblɔ nya, eye mawo edzi oa? Ɖe woaƒo nu, eye mawɔe oa?


Amesiame, si xɔse bena, Yesu ye nye Kristo la, Mawu me wodzii tso, eye amesiame, si lɔ̃a amesi dzii la, elɔ̃a amesi ke wodzi tso eyama me hã.


Ne míegblɔ bena, míewɔa nuvɔ̃ o la, ekema míeɖo eyama aʋatsokalae, eye eƒe nya la mele mia me o.


Yehowa bɔa ha kple amesiwo vɔ̃nɛ la, eye wònana wonyaa eƒe nubabla.


Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, mana mana ɣaɣla la ƒe ɖee, eye mana kpe ɣie, eye le kpea dzi la woŋlɔ ŋkɔ yeye ɖi, si amea ɖeke menya o, negbe amesi xɔe la koe.


Elabena mieku, eye wotsɔ miaƒe agbe kple Kristo ɣla ɖe Mawu me.


Elabena godzela enye ŋunyɔ na Yehowa, ke tsi metoa eya kple dzime dzɔdzɔe tɔ domee o.


Eye dzi ku ŋɔ driba la ɖe nyɔnua ŋuti, eye wòdzo yi aʋa wɔ ge kple nyɔnua ƒe ƒome, siwo susɔ, amesiwo ɖea Mawu ƒe seawo me ɖe asi, eye Yesu ƒe ɖaseɖiɖi le wo si la.


eye matso ŋukeɣletivi anɛ.


Eye nyagblɔɖi, si li ke sesĩe wu la, le mia si, eye miewɔe nyuie bena, míekpɔa edzi, abe akaɖi, si le keklẽm le tsyɔtsyɔƒe ene, halase esime ŋu lake, eye ŋukeɣletivi ladze le miaƒe dziwo me;


Elabena ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.


Amekae xɔ nya, siwo wogblɔ na mí la dzi se, eye ameka ŋue Yehowa ƒe alɔ ɖe eɖokui fia ɖo?


Ne mele alea o la, amekae aɖe aʋatso nam, eye wòagblẽ nye nuƒoƒo me?


Nukaŋuti nye vevesesewo anɔ anyi ɖaa, eye nye abiwo anye abi vɔ̃e agbe kuku? Ezu nam abe tɔʋu, si blea ame, kple tsi, si metɔna ɖi o la ene.


Amesi xɔa edzi sena la, womadrɔ̃ ʋɔnui o; ke amesi mexɔa edzi sena o la, wòdra ʋɔnui xoxo; elabena mexɔ Mawu ƒe Tenuvi ƒe ŋkɔa dzi se o.


Ke mele gbɔgblɔm be: Ŋkeke alesi domenyila enye ɖevi la, vovoa ɖeke mele eya kple kluvi dome o, wònye eyae nye nuwo katã ƒe aƒetɔ hafi;


Eye Filipo gblɔ ne bena: Ne èxɔe; se kple wò dzi blibo la katã la, ekema woɖe mɔ na wò. Eye wòxɔ dzi ne gblɔ bena: Mexɔe se bena, Yesu Kristo enye Mawuvi la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite