Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Yohanes 4:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Amesi ke ʋua me bena, Yesu ye nye Mawu Vi la, Mawu nɔa eme, eye eya hẽ nɔa Mawu me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Ame sia ame si aɖe gbeƒã be Yesue nye Mawu Vi la la, Mawu le eya amea me, eye eya hã le Mawu me.

Gade chapit la Kopi




1 Yohanes 4:15
15 Referans Kwoze  

Amekae nye amesi ɖua xexeame dzi, ne menye amesi xɔnɛ sena bena, Yesu ye nye Mawuvi la o mahã?


Elabena ne èʋua eme kple wò nu bena, Yesu ye nye Aƒetɔ la, eye nèxɔna sena le wò dzi me bena, Mawu fɔ eyama ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, akpɔ xoxo;


Azɔ amesiame, si aʋu menye le amewo ƒe ŋku me la, nye hã maʋu eyama me le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe ŋku me;


Esia me míedze si Mawu ƒe Gbɔgbɔ le: Gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ, si ʋua me bena, Yesu Kristo va le ŋutilã me la, etso Mawu gbɔ;


Eye amesi léa eƒe seawo me ɖe asi la, enɔa eme, eye eya hã nɔa eme. Eye esia me miedze sii le be, enɔa mía me, le Gbɔgbɔ, si wòna mi la ta.


eye aɖe sia aɖe naʋu me bena, Yesu Kristo enye Aƒetɔ la hena Mawu Fofoa ƒe kafukafu.


Amea ɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o; ne mielɔ̃ mía nɔewo la, ekema Mawu noa mía me, eye eƒe lɔlɔ̃ la zua blibo le mia me.


Amesiame, si xɔse bena, Yesu ye nye Kristo la, Mawu me wodzii tso, eye amesiame, si lɔ̃a amesi dzii la, elɔ̃a amesi ke wodzi tso eyama me hã.


Ke mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si ke atsɔm aʋu me le amewo ƒe ŋku me la, Amegbetɔvi la hã aʋu eyama me le mawudɔlawo ƒe ŋku me;


Elabena ameblela geɖe, siwo meʋua me bena, Yesu Kristo va le ŋutilã me o la, do go yi ɖe xexeame. Esiae nye ameblela kple Kristo ƒe futɔ la.


Amesi ɖua nye ŋutilã, eye wònoa nye ʋu la, enɔa menye, eye nye hã menɔa eme.


Amesiame, si sẽ nu le Vi la ŋuti la, eya ke sie Fofo la hã mele o: amesi ke ʋua Vi la me la, eya ke sie Fofo la hã le.


Miawo la mina nusi miese tso gɔmedzedzea me la, nanɔ mia me. Ne nusi miese tso gɔmedzedzea me la, nɔ mia me la, ekema miawo hã mianɔ Vi la kple Fofo la me.


Eye esiae nye se la bena, miaxɔ Via Yesu Kristo ƒe ŋkɔ dzi ase, eye míalɔ̃ mía nɔewo, abe alesi wòde se na mí ene.


Eye Filipo gblɔ ne bena: Ne èxɔe; se kple wò dzi blibo la katã la, ekema woɖe mɔ na wò. Eye wòxɔ dzi ne gblɔ bena: Mexɔe se bena, Yesu Kristo enye Mawuvi la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite