Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Yohanes 3:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Amesiame, si wodzi tso Mawu me la, mewɔa nuvɔ̃ o; elabena Mawu ƒe agbe nɔa eme, eye metea ŋu wɔa nuvɔ̃ o; elabena Mawu me wodzii tso.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Ame si wodzi le Mawu me la meganɔa nu vɔ̃ wɔwɔ dzi o, elabena Mawu ƒe kutsetse le eme. Mate ŋu awɔ nu vɔ̃ o, elabena wodzii tso Mawu me.

Gade chapit la Kopi




1 Yohanes 3:9
18 Referans Kwoze  

Míenyae bena, amesiame, si wodzi tso Mawu me la, mewɔa nuvɔ̃ o; ke amesi wodzi tso Mawu me la, eya léa eɖokui nyuie, eye vɔ̃ɖitɔ la mekaa asi eŋu o.


Elabena wogbugbɔ mi dzi, menye tso dzidzi gbegblẽ me o, ke boŋ tso dzidzi magblẽmagblẽ me heto Mawu ƒe nya gbagbe, si noa anyi tegbetegbe la me.


amesiwo womedzi tso ʋu alo tso ŋutilã ƒe lɔlɔ̃nu alo tso ŋutsu ƒe lɔlɔ̃nu me o ke boŋ Mawu me wodzi wo tso.


Ne mienyae bena, dzɔdzɔetɔ wònye la, ekema midze sii be, amesiame, si le nu dzɔdzɔe wɔm la, egbɔ wodzi eya hã tso.


Amesiame, si xɔse bena, Yesu ye nye Kristo la, Mawu me wodzii tso, eye amesiame, si lɔ̃a amesi dzii la, elɔ̃a amesi ke wodzi tso eyama me hã.


Elabena nusianu, si wodzi tso Mawu me la, ɖua xexeame dzi, eye dziɖuɖu, si ɖu xexeame dzi la, eyae nye míaƒe xɔse.


Yesu xɔ dzi, eye wògblɔ nɛ bena: Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Ne womedzi ame tso dziƒo o la, mate ŋu akpa mawufiaɖuƒe la akpɔ o.


Elabena ŋutilã la dzroa nu ɖe Gbɔgbɔ la ŋuti, eye Gbɔgbɔ la ɖe ŋutilã la ŋuti; elabena esiawo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋuti, bene miagawɔ nusiwo mielɔ̃na o.


Lɔlɔ̃tɔwo, mina mialɔ̃ mía nɔewo; elabena lɔlɔ̃ la tso Mawu me, eye amesiame, si lɔ̃a ame la, Mawu gbɔ wodzii tso, eye wòdze si Mawu.


Ati nyui mate ŋu atse ku manyomanyo o, eye ati manyomanyo hã mate ŋu atse ku nyui o.


Gbeɖe! Aleke gɔ̃ mi amesiwo ku na nuvɔ̃ la, miaganɔ agbe le eme mahã?


Elabena miate ŋu agbe nuƒoƒo le nusi miekpɔ kple nusi miese la ŋuti o.


ɖe agbe mava ƒe nukpɔkpɔ ŋu, si Mawu, amesi meka aʋatso o la, do ŋugbe, hafi ɣeyiɣi mavɔmavɔwo dze gɔme;


Ne miegblɔ be, aleke míawɔ ati eyome? eye be: nya la ƒe agunu le gbɔnye la,


womewɔa nu vɔ̃ɖia ɖeke hã o, eye wozɔa eƒe mɔwo dzi.


Amesiame, si nɔa eya me la, mewɔa nuvɔ̃ o; amesiame, si wɔa nuvɔ̃ la, mekpɔ eyama o, eye medze si eyama hã o.


Lɔlɔ̃tɔ, megasi nu vɔ̃ɖi o, ke srɔ̃ nu nyui boŋ. Amesi wɔa nu nyui la, Mawu gbɔ wòtso, eye amesi woa nuvɔ̃ la, mekpɔa Mawu o.


Ne woƒe kukua dze nukua ɖe, si ƒã ge wòala dzi la, eŋu kɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite