Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Yohanes 3:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Lɔlɔ̃tɔwo, ne míaƒe dzi mebu fɔ mí o la, ekema dzideƒo le mía si le Mawu ƒe ŋku me,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 Nɔvi lɔlɔ̃awo, ne míaƒe dziwo mebu fɔ mí o la, dzideƒo le mía si le Mawu ŋkume,

Gade chapit la Kopi




1 Yohanes 3:21
17 Referans Kwoze  

Eye azɔ, vinyewo, mina eya me, bena ne eva do la, ne dzi naɖo mia ƒo, eye ŋu nagakpe mí le eƒe ŋku me le eƒe vava la me o.


Eyata minɛ miatsɔ dzideƒo ate va eƒe amenuvevezikpui la gbɔ, bene míaƒe asi nasu nublanuikpɔkpɔ dzi, eye míakpɔ amenuveve hena mía xɔxɔ le hiahiãgbe.


Elabena miaƒe adegbeƒoƒo enye esi: Míaƒe dzitsinya ƒe ɖase, si wòɖina bena, miezɔ le xexe sia me le Mawu ƒe dzimekɔkɔ kple dzi dzadzɛ me, eye menye ŋutilã ƒe nunya me o: ke le Mawu ƒe amenuveve me boŋ, vevietɔ le mia dome.


Eye dzideƒo, si le mía si le egbɔ la, enye esi bena, ne míebia nane le eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.


Malé ŋku ɖe maɖifɔmɔ ŋu. Ɣekaɣi nèle gbɔnye va ge? Mazɔ le nye dzi ƒe fɔmaɖimaɖi me le aƒenye me.


Esia me lɔlɔ̃ la zu blibo le mía gbɔ le, bena dzideƒo nanɔ mía si le ʋɔnudrɔ̃gbe; elabena alesi eyama le la, nenema ke míawo hã míele le xexe sia me.


mina miatsɔ dzi nyateƒetɔ ate va le xɔse ƒe kakaɖedzi blibo me, abe amesiwo wòklɔ dzitsinya vɔ̃ ɖa tso woƒe dziwo me, eye wotsɔ tsi zɔzrɔ̃e le na woƒe ŋutilã ene;


E, ekema àkpɔ dzidzɔ le ŋusẽkatãtɔ ŋu, eye àwu wò mo dzi na Mawu.


Elabena nyemenya naneke le ɖokuinye ŋuti o, ke menye eyata wotso afia nam o, ke Aƒetɔ lae nye amesi drɔ̃ ʋɔnum.“


Malé nye dzɔdzɔenyenye me ɖe asi sesie, eye nyemaɖe asi le eŋu o, nye dzi maɖo vlo nye ŋkekewo dometɔ ɖeka hã o.


Eyata mele didim bena, ŋutsuwo nado gbe ɖa le afisiafi, eye woado asi kɔkɔewo ɖe dzi, dɔmedzoe kple ɖikekea ɖeke manɔmee.


Wò la, xɔse, si le asiwò la, nanɔ asiwò na wò ŋutɔ le Mawu ŋku me. Woayra amesi medrɔ̃ ʋɔnu eɖokui le nusi wòdo kpɔ wòdze la ŋuti o.


amesi me miekpɔ dzideƒo kple mɔnu le dziɖoɖo ɖe eŋu me to eyama dzixɔxɔse me.


Lɔlɔ̃tɔwo, menye se yeye meŋlɔ ɖo ɖe mi o, ke boŋ se xoxo, si le mia si tso gɔmedzedzea me la koe: Se xoxoa enye nya, si miese la.


Lɔlɔ̃tɔwo, azɔ la míenye mawuviwo, eye nusi ke míava trɔ zu la, meɖo haɖe o; ke mienyae bena, ne eva do la, míaɖi eyama: elabena míakpɔe alesi wòle.


elabena ne míaƒe dzi bu fɔ mí hẽ la, Mawu enye gã wu míaƒe dzi, eye wònya nuwo katã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite