Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Yohanes 2:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Amesi ke gblɔ bena, yele kekelia me, eye wòléa fu nɔvia la, egale viviti me kpakple egbe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Ne ame aɖe agblɔ be yele kekeli la me, gake wòléa fu nɔvia la, ekema ame sia gale viviti me kokoko.

Gade chapit la Kopi




1 Yohanes 2:9
14 Referans Kwoze  

Ne amea ɖe gblɔ be, yelɔ̃a Mawu, eye wòléa fu nɔvia la, aʋatsokala wònye; elabena amesi melɔ̃ nɔvia, si kpɔm wòle o la, aleke wòate ŋu alɔ̃ Mawu, si kpɔm mele o mahã?


Ke amesi ke léa fu nɔvia la, eya le viviti me, eye wòzɔa viviti me, eye menya afisi yim wòle o; elabena viviti la gbã eƒe ŋkuwo.


Womedze sii o, eye womenyae o, wole zɔzɔm le viviti me, eye anyigba ƒe agunuwo katã le ʋaʋãm.


Elabena amesi si nusiawo mele o la, enye ŋkuagbãtɔ, eye mekpɔa didiƒenu o, eye woŋlɔ eƒe tsã nuvɔ̃wo kɔklɔɖa la be.


Amesi ke gblɔ bena, yenyae, eye gake melé eƒe seawo me ɖe asi o la, aʋatsokala wònye, eye nyateƒe mele eme o.


Ne míegblɔ bena, míedo ƒome kpakplim eye gake miegale viviti me zɔm la, ekema aʋatso kam míele, eye menye nyateƒe dzi wɔm míele o;


Yesu gblɔ na wo bena: Ɖe míenye ŋkuagbãtɔwo la, ne nuvɔ̃ mele mia ŋu o; ke azɔ la miele gbɔgblɔm bena: Miele nu kpɔm; eyata miaƒe nuvɔ̃ la tsi anyi.


Megalé nɔviwò ɖe do me o, ke boŋ gbe nya nɛ, ne magana nahe nuvɔ̃ ava ɖokuiwò dzi o.


Ke Absalom megblɔ nya vɔ̃ alo nyuia ɖeke na Amnon o; elabena Absalom lé fu Amnon, le esi wogblẽ nɔvianyɔnu Tamar ta.


Eye le ŋkeke siawo me la Petro tsi tre ɖe nɔviawo titina (ameha, si ƒo ƒu la, nu anɔ alafa ɖeka kple blave), eye wògblɔ bena;


Esia me mawuviwo kple abosamviwo dze ƒã le. Amesiame, si mewɔa nu dzɔdzɔe o, kple amesi ke melɔ̃a nɔvia o la, metso Mawu me o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite