Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Yohanes 2:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Lɔlɔ̃tɔwo, menye se yeye meŋlɔ ɖo ɖe mi o, ke boŋ se xoxo, si le mia si tso gɔmedzedzea me la koe: Se xoxoa enye nya, si miese la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, nyemele se yeye aɖeke ŋlɔm na mi le agbalẽ sia me o, ke boŋ se xoxo ma si nɔ anyi tso gɔmedzedzea me la koe. Sedede xoxo siae nye gbedeasi si miese xoxo.

Gade chapit la Kopi




1 Yohanes 2:7
22 Referans Kwoze  

Megawɔ wɔɖenui o, eye megalé dɔmedzoe, si wò dukɔ me viwo do na wò la, ɖi o; ke boŋ nalɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene. Nyee nye Yehowa!


Elabena esiae nye gbedasi, si miese tso gɔmedzedzea me la, bene mialɔ̃ mía nɔewo;


Eye esiae nye se la bena, miaxɔ Via Yesu Kristo ƒe ŋkɔ dzi ase, eye míalɔ̃ mía nɔewo, abe alesi wòde se na mí ene.


Eyata tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ katã lɔ̃ Yehowa, wo Mawu la.


Amedzro nanɔ mia gbɔ abe duamevi ene, eye nalɔ̃e abe ɖokuiwò ene; elabena miawo hã míenye amedzrowo kpɔ le Egipte-nyigba dzi. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!


Miawo la mina nusi miese tso gɔmedzedzea me la, nanɔ mia me. Ne nusi miese tso gɔmedzedzea me la, nɔ mia me la, ekema miawo hã mianɔ Vi la kple Fofo la me.


Míese wogblɔ bena: Lɔ̃ hawòvi, eye nalé lu wò ketɔ:


Eye wòlée hekplɔe yi ʋɔnudrɔ̃ƒe, si woyɔna be Areopago la hegblɔ bena: Ɖe míate ŋu anya nusi nufiafia yeye sia, si ŋuti nèle nu ƒom na mi le la nye mahã?


Se yeye mena mi bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene, bena miawo hã mialɔ̃ mia nɔewo nenema ke.


Ke, lɔlɔ̃tɔwo, miekpɔ kakaɖedzi le mia ŋuti be, miaƒe nya anyo awu, eye wòate ɖe xɔxɔ ŋu, wònye míeƒo nu alea hafi.


Lɔlɔ̃tɔwo, azɔ la míenye mawuviwo, eye nusi ke míava trɔ zu la, meɖo haɖe o; ke mienyae bena, ne eva do la, míaɖi eyama: elabena míakpɔe alesi wòle.


Lɔlɔ̃tɔwo, ne míaƒe dzi mebu fɔ mí o la, ekema dzideƒo le mía si le Mawu ƒe ŋku me,


Lɔlɔ̃tɔwo, migaxɔ gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ dzi se o, ke mido gbɔgbɔawo kpɔ, nenye ɖe wotso Mawu gbɔ; eye gbɔgbɔ sia gblɔɖila geɖewo do go yi ɖe xexeame.


Lɔlɔ̃tɔwo, mina mialɔ̃ mía nɔewo; elabena lɔlɔ̃ la tso Mawu me, eye amesiame, si lɔ̃a ame la, Mawu gbɔ wodzii tso, eye wòdze si Mawu.


Lɔlɔ̃tɔwo, esi Mawu lɔ̃ mí ale la, ele na míawo hã be, mialɔ̃ mia nɔewo.


Eye miexɔ se sia tso egbɔ bena, amesi ke lɔ̃a Mawu la, nelɔ̃ nɔvia hã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite