Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Yohanes 2:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ne mielé eƒe seawo me ɖe asi la, eya míatsɔ adze sii bena, míenyae.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Ne míewɔ ɖe eƒe sewo dzi la, ekema kakaɖedzi le mía si be míenyae vavã.

Gade chapit la Kopi




1 Yohanes 2:3
26 Referans Kwoze  

Ne miele lɔ̃yem la, milé nye seawo me ɖe asi.


Ne mielé nye seawo me ɖe asi la, mienɔ nye lɔlɔ̃ la me, abe alesi nye hã melé Fofonye ƒe seawo me ɖe asi, eye menɔ eƒe lɔlɔ̃ la me ene.


Elabena lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi, eye eƒe seawo mesesẽ o.


Ke nukaŋuti miele yɔyem bena: Aƒetɔ, Aƒetɔ, eye miewɔ nusiwo megblɔ na mi la dzi o mahã?


Miawoe nye xɔ̃nyewo, ne miewɔa nusiwo ƒe se mede na mi.


Esia me míedze sii le bena, míenɔa eyama me, eye eya hã nɔa mía me; elabena etsɔ eƒe Gbɔgbɔ la ƒe ɖe na mi.


eye esi wowɔe blibo la, ezu agbexɔxɔ mava ƒe gɔmeɖola na amesiwo katã ɖoa toe,


Maƒu du le wò sewo ƒe mɔ dzi, elabena èvu nye dzi gbloto.


Eye esia me míadze sii le bena, mietso nyateƒe la me, eye miana kakaɖedzi míaƒe dziwo le eƒe ŋku me;


Ke esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.


Míenyae bena, Mawu me míetso, eye xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖi to la me.


Míawo la míenyae be, mieto ku me heyi ɖe agbe lãme; elabena míelɔ̃a nɔviwo. Amesi ke melɔ̃a nɔvia o la, etsia ku me.


elabena Mawu, si gblɔ be: Kekeli nado tso viviti me la, enye amesi klẽ ɖe míaƒe dziwo me, bene Mawu ƒe ŋutikɔkɔe sidzedze ƒe kekeli naklẽ le Yesu Kristo ƒe ŋku me.


Woayra amesiwo nyẽ woƒe awuwo, bene woana ŋusẽ wo woava agbeti la gbɔ, eye ne woato agboawo nu ayi ɖe du la me.


Akpa nu kple ŋku, wòaɖi ƒo nɛ le eƒe luʋɔ ƒe agbagbadzedze ta. Nye dɔla dzɔdzɔe la atsa nunya atso afia na ame geɖewo, eye wòade ta woƒe vodadawo te.


Ekema ŋu makpem o, nenye be, meɖe ŋku ɖe wò seawo katã.


Fofowo, mele eŋlɔm ɖo ɖe mi; elabena mienya amesi li tso gɔmedzedzea me. Ɖeka kpuiwo, mele eŋlɔm ɖo ɖe mi elabena mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi. Ɖeviwo, meŋlɔ ɖo ɖe mi; elabena mienya Fofo la.


Amesiame, si nɔa eya me la, mewɔa nuvɔ̃ o; amesiame, si wɔa nuvɔ̃ la, mekpɔ eyama o, eye medze si eyama hã o.


Lɔlɔ̃tɔwo, mina mialɔ̃ mía nɔewo; elabena lɔlɔ̃ la tso Mawu me, eye amesiame, si lɔ̃a ame la, Mawu gbɔ wodzii tso, eye wòdze si Mawu.


Ne míelɔ̃a Mawu, eye mieléa eƒe seawo me ɖe asi la, esia me míedze sii le bena, míelɔ̃a mawuviwo.


Eye dzi ku ŋɔ driba la ɖe nyɔnua ŋuti, eye wòdzo yi aʋa wɔ ge kple nyɔnua ƒe ƒome, siwo susɔ, amesiwo ɖea Mawu ƒe seawo me ɖe asi, eye Yesu ƒe ɖaseɖiɖi le wo si la.


Afii ame kɔkɔe, siwo léa Mawu ƒe seawo kple Yesu ƒe dzixɔse me ɖe asi la, ƒe dzidodo le.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite